1 Mose 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Noa yi aɖakaʋu la me. 1 Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome. 2 Ɖe lã matsrimatsriwo katã atsu kple asi adreadre, kple lã tsitsriwo atsu kple asi eveveve. 3 Nenema ke naɖe dziƒoxe dzodzoewo hã atsu kple asi adreadre, bena woƒe ƒome natsi agbe le anyigba dzi. 4 Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi. 5 Eye Noa wɔe, abe alesi Mawu de se nɛ ene. 6 Noa xɔ ƒe alafa ade, esime tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba. 7 Eye Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me, hafi tsi va ɖe anyigba. 8 Lã matsrimatsriwo kple lã tsitsriwo kple xe dzodzoewo hekpe ɖe nusiwo katã tana le anyigba dzi la ŋuti 9 woyi ɖe Noa gbɔ atsu kple asi eveveve le aɖakaʋu la me, abe alesi Mawu de se na Noa ene. 10 Eye wòva me le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi. Tsiɖɔɖɔ dze gɔme. 11 Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu. 12 Eye tsi dzi ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ. 13 Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me; 14 woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu. 15 Eye lãwo tsyo ƒomevi, siwo me agbegbɔgbɔ le la, woyi de Noa gbɔ eveveve le aɖakaʋu la me. 16 Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu. 17 Eye tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, eye tsia le agbɔ sɔm hekɔ aɖakaʋu la ɖe dzi, ale bena, aɖakaʋu la le tsia ŋgɔ. 18 Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe dzi hesɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi, eye aɖakaʋu la le tsatsam le tsia ŋgɔ. 19 Eye tsia do agbogbo de anyigba dzi ŋutɔŋutɔ hede to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la. 20 Eye tsia dɔ gbɔ to kɔkɔwo ta me abɔklugui wuiatɔ̃; ale wɔ, eye towo katã bu de tsia me. 21 Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me. 22 Nusianu, si agbegbɔgbɔ le eme, si gbɔna toa ŋɔti me, eye wonɔa agbe le anyigba ƒuƒui dzi la ku. 23 Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe. 24 Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ sɔŋ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana