Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Woɖi Yakob ɖe Hebron.

1 Tete Yosef dze fofoa dzi, fa avi ɖe edzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.

2 Emegbe Yosef de se na eƒe dɔla, siwo nye atikewɔlawo, bena woasi atike na fofoa. Tete atikewɔlawo si atike na Israel.

3 Esi ŋkeke blane, si wosia atike na ame kuku, de vɔ la, Egiptetɔwo fa nɛ ŋkeke blaadre sɔŋ.

4 Ke esi konyifaɣiawo va yi vɔ la, Yosef gblɔ na Farao ŋuti mewo bena: Meɖe kuku, ne miave nunye la, ekema migblɔ na Farao bena:

5 Fofonye na meka atam ne bena, ne yeku la, ekema maɖi ye ɖe yɔdo, si yeɖe ɖe Kanaan-nyigba dzi la me. Eyata meɖe kuku, mayi aɖaɖi fofonye, emegbe magatrɔ agbɔ.

6 Farao ɖo ŋu nɛ bena; Yi naɖaɖi fofowò, abe alesi nèka atam nɛ ene!

7 Tete Yosef dze mɔ, be wòaɖaɖi fofoa. Eye Farao ƒe subɔlawo katã kple eŋuti mewo kpakple Egipte-nyigba dzi megãwo katã yi kplii.

8 Eye Yosef ƒemetɔwo katã, nɔviawo, kple fofoa ƒemetɔwo katã yi kplii; negbe wo viwo, woƒe alẽwo kple nyiwo ko wogblẽ ɖe Gosen-nyigba la dzi.

9 Eye tasiaɖamwo kple sɔɖolawo kplɔe yii ale bena, wonye ameha gãa ɖe.

10 Esi wova ɖo Gorenhatad, si le Yordan godo la, wofa konyi ŋutɔŋutɔ le afima, eye wowɔ yɔƒe na wo fofoa ŋkeke adre.

11 Esi Kanaantɔ, siwo nye anyigba dzi nɔlawo, kpɔ yɔƒewɔwɔ la le Gorenhatad la, wogblɔ bena: Afisia Egiptetɔwo wɔ yɔƒe gãa ɖe le. Eyata woyɔa teƒe ma bena Abel-Mizraim, si le Yordan godo.

12 Eye viaŋutsuwo wo nɛ, abe alesi wòde se na wo ene.

13 Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.

14 Esi wòɖi fofoa va la, Yosef kple nɔviawo kple amesiwo katã kpe ɖe eŋu woɖaɖi fofoa la, wogatrɔ va Egipte.


Yosef de dzi ƒo na nɔviwo; eƒe ku.

15 Le wo fofo ƒe ku megbe la Yosef nɔviwo le vɔvɔ̃m gblɔ bena: Ɖewohĩ Yosef alé fu mi, eye wòaɖo vɔ̃, siwo katã miewɔ ɖe eŋu la, teƒe na mí.

16 Eye wodɔ ame ɖo ɖe Yosef gbɔ gblɔ bena: Hafi fofowò naku la, ede se gblɔ bena:

17 Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.

18 Emegbe la nɔviawo ŋutɔ yi, eye wodze klo de ta agu nɛ gblɔ bena: Miawo nye si, tsɔ mi wɔ wò kluviwoe!

19 Eye Yosef ɖo ŋu na wo bena: Migavɔ̃ o! Alo Mawu teƒe melea?

20 Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.

21 Eyata migavɔ̃ o, manyi mia kple mia viwo siaa! Ale wòfa ako na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.

22 Eye Yosef kple fofoa ƒemetɔwo tsi Egipte-nyigba dzi, eye Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.

23 Eye Yosef nɔ agbe tso Efrayim ƒe tɔgbuiyɔviwo ɖo, eye Maxir Manase vi hã dzi viwo le Yosef ƒe agbenɔɣi me.

24 Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.

25 Tete Yosef na Israel ƒe viwo ka atam, eye wògblɔ bena: Ne Mawu aɖo ŋku mia dzi la, ekema mitso nye ƒuwo hã tso afisia yii!

26 Esi Yosef xa ƒe alafa ɖeka kple ewo la, eku, eye wòsi atike nɛ hetsɔe de aɖaka me le Egipte.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan