1 Mose 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fofo gãwo ƒe dzidzimegbalã tso Adam dzi vaseɖe Noa dzi. 1 Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. 2 Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo. 3 Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set. 4 Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 5 Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku. 6 Eye esi Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ la, edzi Enos. 7 Esi Set dzi Enos megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adre, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 8 Eye Set ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple wuieve, eye wòku. 9 Eye esi Enos xɔ ƒe blaasieke la, edzi Kenan. 10 Esi Enos dzi Kenan megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple wuiatɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 11 Eye Enos ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple atɔ̃, eye woku. 12 Eye esi Kenan xɔ ƒe blaadre la, edzi Mahalalel. 13 Esi Kenan dzi Mahalalel megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blane, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 14 Eye Kenan ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple ewo, eye woku. 15 Eye esi Mahalalel xɔ ƒe blaade vɔ atɔ̃ la, edzi Yered. 16 Esi Mahalalel dzi Yered megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple blaetɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 17 Eye Mahalalel ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa enyi kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye woku. 18 Eye esi Yered xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaade vɔ eve la, edzi Henox. 19 Esi Yered dzi Henox megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 20 Eye Yered ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaade vɔ eve, eye woku. 21 Eye esi Henox xa ƒe blaade vo atɔ̃ la, edzi Metusala. 22 Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 23 Eye Henox ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa etɔ̃ kple blaade vɔ atɔ̃. 24 Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe. 25 Eye esi Metusala xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ adre la, edzi Lamex. 26 Esi Metusala dzi Lamex megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa adre kple blanyi vɔ eve, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 27 Eye Metusala ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaade vɔ asieke, eye wòku. 28 Eye esi Lamex xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ eve la, edzi ŋutsuvia ɖe. 29 Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi. 30 Esi Lamex dzi Noa megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 31 Eye Lamex ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa adre kple blaadre vɔ adre, eye wòku. 32 Esi Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ la, edzi Sem, Xam kple Yafet. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana