1 Mose 49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob yra viawo, de se na wo, eve woku. 1 Eye Yakob ya viawo gblɔ bena: Miƒo ƒu, ne magblɔ nusi le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la afia mi! 2 Miƒo ƒu, eye mike to, nu Yakob viwo, miɖo to mia fofo Israel! 3 Ruben! wòe nye nye ŋgɔgbevi, nye ŋusẽ kple nye ali me vi gbãtɔ, gbãtɔ le bubu me kple gãtɔ le ŋusẽ me. 4 Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede! 5 Simeon kple Lewi la, nɔviwoe, wotsɔ woƒe lãnuwo do biae. 6 Nye luʋɔ made woƒe adaŋu me o, eye nye dzi mabɔ ha kple wo o, elabena de dziku me wowu ŋutsuwo eye le dzidzɔ teƒe wòŋe ata na nyitsuwo. 7 Aɖi woƒe nyanyrã ŋu, elabena enu sẽ, kple woƒe dziku ŋu, elabena eteƒe meka o! Mamã wo de Yakob viwo dome, eye makaka wo ɖe Israel. 8 Yuda! wòe nɔviwòwo akatu, wò asi axe wò funɔwo ƒe ve, eye fofowoviwo adze klo na wò. 9 Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, anɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui? 10 Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae. 11 Ede ka eƒe tedzivi de weinka ŋuti, kple eƒe tedzinɔvi ɖe weinka nyui ƒe abɔwo ŋui! Enyã eƒe avɔ le wein me, kple eƒe avu le weintsetse me tsi me. 12 Wein na eƒe ŋku bia, eye notsi na eƒe aƒu fu. 13 Zebulon anɔ ƒutanyigbawo dzi le ʋudzeƒewo, eye eƒe liƒo ade Zidon ke. 14 Isaxar enye tedzi, si ƒu tsi de lãme na, eye wotsyɔ akɔ de lãkpɔwo domee. 15 Esi wòkpɔ be, dzudzɔ vivina, eye eƒe anyigba dze ani la, ebi eƒe abɔ ta, be wòatsɔ agba, eye wòzu agbatetsɔla. 16 Dan aʋli eƒe dukɔ ta abe Israel to bubuwo ke ene. 17 Dan enye da tsomɔ, dakpui le afɔmɔe dzi; eɖu sɔ ƒe afɔʋume, eye sɔdola dze anyi megbe megbee. 18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko lalam mele! 19 Gad la, adzohawo ava dze edzi; ke eya ayɔ wo de nu. 20 Aser la, nu ado agbogbo de esi, eye woadzra nuɖuɖu veviwo na fiawo. 21 Naftali enye zinɔ, si ʋlãna, eye wògblɔa nu me vivi nyawo. 22 Ati fẽ enye Yosef, ali fe le vudo to, eye wòɖe ala ɖe gli dzi. 23 Wole fui, eye wotee kple ɖa, eye aŋutrɔdalawo ɖee ɖe nu. 24 Ke eva eƒe dati goŋgoŋ, eye eƒe asiwò le tsatsam; elabena exɔ ŋusẽ tso Yakob ƒe ŋusẽtɔ kple Israel ƒe kplɔla kple kpe la gbɔ, 25 tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò! 26 Fofowò ƒe yayra, si gbɔ tonyigba xoxo wɔnuwo kple togbe dzeani, siwo li tegbee ŋu la, ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome. 27 Benyamin enye amegãxi lénu. Ŋdi la eɖua eƒe nuléle, eye fiẽ la emãa eƒe adzonu la. 28 Esiawo nye Israel ƒe to wuieveawo; eye esiawo nye nya, siwo wo fofo gblɔ na wo. Eyra wo dometɔ ɖesiaɖe wo tɔ wo tɔe. 29 Eye wòde se na wo gblɔ na wo bena: Ne meyi ɖe tɔgbuinyewo gbɔ la, ekema miaɖim ɖe fofonyewo gbɔ, ɖe kpeto, si le Efron Xititɔ ƒe agble me la me, 30 ɖe kpeto, si le Maxpela gble me le Mamre kasa le Kanaan-nyigba dzi, agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔ si, be wòanye ameɖiƒe nɛ la me. 31 Afima woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo, afima wodi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye afima meɖi Lea hã ɖo, 32 ɖe kpeto, si le agble la me, si wòƒle le Xitiviwo si la me. 33 Esi Yakob wu nyawo nu na viawo vɔ la, eƒo ata ƒu ɖe aba dzi, eye wòmia nu, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana