1 Mose 48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob yra Efrayim kple Manase. 1 Le nusiawo megbe la wogblɔ na Yosef bena: Fofowò le dɔ lém. Tete wòkplɔ viaŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, ɖe asi. 2 Eye wogblɔ na Yakob bena: Kpɔ ɖa, viwò Yosef va gbɔwò. Tete Israel do ŋusẽ eɖokui hefɔ ɖe ali nu. 3 Eye Yakob gblɔ na Yosef bena: Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiãm le Lus le Kanaan-nyigba dzi, eye wòyram 4 gblɔ nam bena: Mana nadzi, eye wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; mana nazu dukɔha, eye matsɔ anyigba sia ana megbewò viwo, be wòanye wo tɔ tegbee. 5 Ke viwòŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, siwo wodzi na wò le Egipte, hafi meva gbɔwò le Egipte la, nazu vinyewo abe Ruben kple Simeon ene. 6 Ke vi, siwo nèdzi ɖe wo yome la, nanye tɔwo; eye woayɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo nɔviwo ƒe domenyinyi ŋu. 7 Esi metrɔ tso Mesopotamia gbɔna va Kanaan la, Raxel ku le gbɔnye le mɔ dzi, esi mele tu Efrat, eye meɖii ɖe afima le Efrat, si enye Betlexem, mɔ to. 8 Ke esi Israel kpɔ Yosef viwo la, ebia bena: Amekawoe nye esiawo? 9 Yosef ɖo ŋu na fofoa bena: Woawo nye vi, siwo Mawu nam le afisia! Eye wògblɔ bena: Kplɔ wo va gbɔnyee, ne mayra wo. 10 Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo. 11 Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã. 12 Emegbe Yosef ɖe wo ɖa le eƒe ata dzi, eye wòdze klo de ta agu. 13 Eyome la Yosef le via eveawo ɖe asi Efrayim ɖe ɖusi, be woatrɔ ɖe Israel ƒe miã me, eye Manase ɖe miã, be wòatrɔ ɖe Israel ƒe ɖusi me, eye wokplɔ wo te ɖe eŋu. 14 Ke Israel da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi, wònye eyae nye ɖevia hafi, eye wòda eƒe mia ɖe Manase ƒe ta dzi, ale wotso ga eƒe asiwò, evɔ wonye Manase enye tsitsia hafi. 15 Eye woyra Yosef gblɔ bena: Mawu, si ƒe ŋku me fofonye Abraham kple Isak zɔ le, Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va do egbee, 16 mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi. 17 Esi Yosef kpɔ bena, fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi la, menyo eŋu o; eyata wòlé fofoa ƒe asi, be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe ta dzi ahada ɖe Manase ƒe ta dzi. 18 Eye Yosef gblɔ na fofoa bena: Fofonye, menye nenema o; esia nye ŋgɔgbetɔ, tsɔ wò nuɖusi da ɖe eƒe ta dzi! 19 Ke fofoa gbe, eye wògblɔ bena: Menyae, vinye, menyae! Eya hã ava nye dukɔ, eye wòasẽ ŋu. Gake nɔvia ɖevitɔa asẽ ŋu awui, eye eƒe dzidzimeviwo anye dukɔ gã. 20 Eye wòyra wo gbemagbe gblɔ bena: Wò ŋkɔ Israel-viwo atsɔ ayra amewo agblɔ bena: Mawu naɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene! Ale wotsɔ Efrayim ɖo tsitsii na Manase. 21 Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi. 22 Ke metsɔ anyigbaa ɖe, si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye yi kple da la na wò, si natsɔ awu nɔviwòwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana