1 Mose 47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob nɔ Gosen. 1 Tete Yosef yi ɖagblɔ na Farao bena: Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan-nyigba dzi va kple woƒe alẽwo, nyiwo kpakple nusianu, si le wo si la, eye wole Gosen-nyigba dzi. 2 Eye wòkplɔ nɔvia atɔ̃ ɖe asi yi ɖatsɔ fia Farao. 3 Eye Farao bia nɔviawo bena: Dɔ ka wɔlawo míenye? Woɖo ŋu na Farao bena: Lãnyilawo wò dɔlawo nye abe mia tɔgbuiwo ke ene. 4 Eye wogblɔ na Farao bena: Amedzrowo míenye va afisia na ge; elabena gbe megali na wò dɔlawo ƒe lãwo o, eye dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Kanaan-nyigba dzi. Eyata miede kuku, na wò dolawo nano Gosen-nyigba dzi. 5 Tete Farao gblɔ na Yosef bena: Fofowò kple nɔviwòwo va gbɔwò. 6 Egipte-nyigba la enye si, na bena woano teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi Eye ne ekpa bena, ame zãzɛwo le wo dome la, ekema natsɔ nye lãhawo ade wo si. Yakob le Farao ŋku me. 7 Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao. 8 Eye Farao bia Yakob bena: Ƒe nenie nèxɔ? 9 Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o. 10 Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ. 11 Eye Yosef fia nɔƒe fofoa kple nɔviawo, eye wòna anyigba wo le Egipte le Ramses, afisi anyigba nyuitɔ le, abe alesi Farao de se nɛ ene. 12 Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia. Dɔwuame va Egipte. 13 Ke nuɖuɖua ɖeke megale anyigba blibo la dzi o, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ, eye dɔwuame na Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu. 14 Mlɔeba la Yosef ƒo ga, siwo Egiptetɔwo kple Kanaantɔwo tsɔ ƒle bli le esi la, nu ƒu, eye wòtsɔ ga la yi Farao ƒe mee. 15 Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ! 16 Yosef ɖo ŋu bena: Ne ga vɔ le mia si la, ekema mikplɔ miaƒe lãhawo ve, eye mana nuɖuɖu mi ɖe wo teƒe! 17 Tete wokplɔ woƒe lãhawo ve na Yosef, eye Yosef na bli wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo kple nyihawo kple tedziwo teƒe, eye wòtsɔ bli kpo wo dzi le ƒe ma me ɖe woƒe lãhawo teƒe. 18 Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ. 19 Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o. 20 Tete Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblewo katã na Farao. Eye Egiptetɔwo dome amesiame tsɔ eƒe agblenyigba dzra, elabena dɔwuamea nu sẽ ŋutɔ; ale anyigba la katã zu Farao tɔ. 21 Eye eƒe dukɔ la katã zu awɔbamewo tso Egipte ƒe go ɖeka me yi go bubu me. 22 Ke meƒle nunɔlawo ƒe agblenyigbawo o, elabena nunɔlawo kpɔ wo tɔ gome le Farao gbɔ, eye woɖu gome, si wòxɔ tso Farao gbɔ la; eyata womedzra woƒe anyigbawo o. 23 Tete Yosef gblɔ na dukɔ la bena: Kpɔ ɖa, egbe meƒle mia kple miaƒe anyigbawo na Farao. Mixɔ nuku, ne miaƒã ɖe miaƒe agblewo me. 24 Eye ne nuŋeɣi ɖo la, ekema miatsɔ agblemenuawo ƒe atɔ̃liawo ɖeka na Farao; ke atɔ̃liawo ene nanye mia ŋutɔwo mia tɔ, bena miatsɔ ɖe aƒa ɖe agbleawo me, eye ɖe nanye nuɖuɖu na mia ŋutɔwo, mia ƒemetɔwo kple mia viwo. 25 Tete wogblɔ bena: Wòe xɔ mí ɖe agbe! Aƒetɔ, ne ànya ve mia nu ko, ekema mianye Farao ƒe awɔbamewo faa. 26 Eye Yosef tsɔe wɔ see na Egiptetɔwo vaseɖe egbegbe bena, woatsɔ woƒe agblemenuwo ƒe atɔ̃liawo ɖeka ana Farao; negbe nunɔlawo ƒe anyigbawo koe menye Farao tɔ o. Yakob ƒe nuwuwu gogo. 27 Ke Israel nɔ Egipte le Gosen-nyigba dzi, eye wotsi edzi, eye wodzi viwo hedzi ɖe dzi ŋutɔ. 28 Yakob nɔ Egipte-nyigba dzi ƒe wuiadre, eye Yakob ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blane vɔ adre. 29 Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o; 30 ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene. 31 Eye wògblɔ bena: Ka atam! Eye wòka atam nɛ. Tete Yakob gadze ŋe ɖe eƒe abati la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana