Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yakob yi ɖe Egipte.

1 Eye Israel dze mo kple eƒemetɔwo katã, eye esi wòɖo Berseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu la.

2 Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!

3 Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.

4 Nye ŋutɔ mayi Egipte kple wò, eye ye ŋutɔ magakplɔ wò agbɔe; ke Yosef ahe wò ŋkuyiwo akpe.

5 Tete Yakob dze mɔ tso Berseba, eye Israel ƒe viŋutsuwo tsɔ wo fofo Yakob kple wo viwo kple wo srɔ̃wo de tasiaɖam, siwo Farao ɖo ɖa la me, be woakplɔ wo ayii.

6 Eye wokplɔ woƒe lãwo, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu, siwo katã wokpɔ le Kanaan-nyigba dzi la, yi Egipte, Yakob kple viawo katã.

7 Eye wòkplɔ viaŋutsuwo kple tɔgbuiayɔviŋutsuwo, vianyɔnuwo kple tɔgbuiayɔvinyɔnuwo kple eƒe ƒome la katã va Egipte.


Israel viwo.

8 Esiawo nye Israel ƒe vi, siwo va Egipte la, ƒe ŋkɔwo, Yakob kple viaŋutsuwo. Yakob ƒe ŋgɔgbevi enye Ruben.

9 Ruben viŋutsuwo nye: Henox, Palku, Xezron kple Karmi.

10 Simeon viŋutsuwo nye: Yemuel, Yamin, Ohad. Yaxin, Zoxar kple Saul, si enye Kanaan-nyɔnu ƒe vi.

11 Lewi ƒe viŋutsuwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.

12 Yuda viŋutsuwo nye: Ger, Onan, Sela, Perez kple Serax: ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. Eye Perez viŋutsuwo nye: Xezron kple Xamul.

13 Isaxar viŋutsuwo nye: Tola, Pura, Yob kple Simron.

14 Zebulon viŋutsuwo nye: Sered, Elon kple Yaxleel.

15 Esiawo nye Lea ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob le Mesopotamia hekpe ɖe vianyɔnu Dina ŋu: viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã le ame blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.

16 Gad viŋutsuwo nye: Zifyon, Hagi, Lumi, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.

17 Aser viŋutsuwo nye: Yimna, Yiswa, Yiswi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Gerax. Beria viŋutsuwo nye: Xeber kple Malkiel.

18 Esiawo nye Silpa, amesi Laban tsɔ na vianyɔnu Lea la ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob; wo katã le ame wuiade.

19 Yakob srɔ̃ Raxel ƒe viŋutsuwo nye Yosef kple Benyamin.

20 Viŋutsu, siwo On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi na Yosef le Egipte-nyigba dzi wonye Manase kple Efrayim.

21 Benyamin viŋutsuwo nye Bela, Bexer, Asbel, Gera, Naaman, Exi, Ros, Mupim, Xupim kple Ard.

22 Esiawo nye Raxel ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na Yakob; wo katã le ame wuiene.

23 Dan ƒe viŋutsu enye Xusim.

24 Naftali viŋutsuwo nye: Yaxzeel, Guni, Yezer kple Silem.

25 Esiawo nye Bilha, amesi Laban tso na vianyɔnu Raxel la, ƒe viŋutsu, siwo wòdzi na: Yakob; wo katã le ame adre.

26 Yakob vi, siwo katã nu kplii yi Egipte, ne woɖe viaŋutsuwo srɔ̃wo le eme la, wole ame blaade vɔ ade.

27 Ŋutsuvi, siwo wodzi na Yosef le Egipte la, wole ame eve. Yakob vi, siwo katã va Egipte la, wole ame blaadre.


Yosef xɔ fofoa.

28 Ke edɔ Yuda ɖe eŋgɔ ɖo ɖe Yosef gbɔ, bena wòaɖe ame aɖo ŋgɔ nɛ, ne wòayi Gosen. Eye esi woɖo Gosen-nyigba dzi la,

29 Yosef na woɖo eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ ne, eye wòfa avi ɖe eƒe ko dzi ʋuu.

30 Eye Israel gblɔ na Yosef bena: Azɔ maku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.

31 Eye Yosef gblɔ na nɔvia wo kple fofoa ƒemetɔwo bena: Meyi maɖagblɔe na Farao bena: nɔvinyewo kple fofonyeƒemetɔ, siwo le Kanaan-nyigba dzi la, wova gbɔnye.

32 Lãhawo le ŋutsuawo si, elabena lãnyilawo wonye, eye wova kple woƒe alẽwo, nyiwo kple woƒe kesinɔnuwo katã.

33 Ne Farao ayɔ mi, eye woabia mi bena, dɔ ka wɔlawo míenye mahã la,

34 ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan