Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosef ɖo eɖokui fia nɔviawo.

1 Ke Yosef megate ŋu zi eɖokui dzi, abe alesi wòwɔ vaseɖe fifi, esime amewo le egbɔ la ene o; eye wògblɔ bena: Amesiame nado go le gbɔnye! Eye amea ɖeke menɔ Yosef gbɔ, hafi wòɖe eɖokui fia nɔviawo o.

2 Tete wògbã avi doo, ale bena Egiptetɔwo kple Farao-ƒemetɔwo hã see.

3 Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye enye Yosef! Fofonye gale agbea? Ke nɔviawo lulu le eƒe ŋku me, eye womete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.

4 Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Mite ɖe ŋunye dzro! Esi wole ɖe eŋu la, egblɔ bena: Nye enye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la.

5 Migana woazu nuxaxa na mi o, eye megave mi be, mietsɔm ƒle ɖe afisia o; elabena Mawue dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena maɖe miaƒe agbe.

6 Fe eve enye si dɔwuame le anyigba dzi, eye wògasusɔ ƒe atɔ̃, siwo me womaŋlɔ nu, eye womaŋe nu o.

7 Ke Mawu dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena mia ŋutɔwo kple mia viwo míatsi agbe, eye ame geɖewo nakpɔ ɖeɖe.

8 Menye miawoe dɔm ɖe afisia o, ke boŋ Mawue, eye wòtsɔm wɔ adaŋudela vevi na Farao, eye wòɖom amegãe ɖe eƒe aƒe dzi kple dziɖulae ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi.

9 Eyata netsɔ, ne miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Ale viwò Yosef gblɔ esi: Mawu ɖom amegãe ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi; va gbɔnye, megahe ɖe megbe o!

10 Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, ate ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò.

11 Makpɔ dziwò le afima, elabena esusɔ ƒe atɔ̃ dɔwuame naganɔ anyi, bena hiã nagatu wò ŋutɔ, viwòwo kple aƒewòmetɔwo katã o.

12 Mia ŋutɔwo kple nɔvinye Benyamin hã miekpɔe kple miaƒe ŋkuwo bena, nye ŋutɔe ƒo nu kpli mi.

13 Migblɔ bubu, si katã mekpɔ le Egipte-nyigba dzi, kple nusiwo katã miekpɔ la, fia fofonye, eye netsɔ, miakplɔ fofonye ava afisiae.

14 Emegbe la ekpla asi kɔ na Benyamin, eye wòfa avi, eye Benyamin hã fa avi ɖe eƒe kɔ dzi.

15 Eyome la eɖuɖɔ nu na nɔviawo katã, eye wòfa avi ɖe woƒe kɔ dzi, emegbe la nɔviawo ƒo nu kplii.


Yosef na wokplɔ fofoa va Egipte.

16 Eye Farao kple eƒemetɔwo se bena, Yosef nɔviwo va. Eye wòdze Farao ŋuti mewo katã ŋu.

17 Tete Farao gblɔ na Yosef bena: Gblɔ na nɔviwòawo be, mido agba na miaƒe lãwo, eye míayi Kanaan-nyigba dzi

18 aɖakplɔ mia fofo kple mia ƒomeawo ava gbɔnye, eye mana anyigba nyuitɔ mi le Egipte, ne miaɖu nu ʋaʋãawo le anyigba la dzi.

19 Ke wò la, gblɔ nusi woawɔ la na wo! Mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte-nyigba dzi ɖe asi hena mia viwo kple mia srɔ̃wo, eye mina mia fofo hã naɖoe ava.

20 Eye migana miaƒe ŋkuwo nanɔ miaƒe xɔmenuwo ŋu, eye woƒe nu nave mi o, elabena Egipte-nyigba dzi nu nyuiwo katã lanye mia tɔ.

21 Eye Israel viwo wɔ nenema, eye Yosef tsɔ tasiaɖamwo na wo le Farao ƒe nya la nu, eye wòna mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.

22 Eye wòna atsyɔɖowu wo dome amesiame: ke ena klosalo sekel alafa etɔ kple atsyɔɖowu atɔ Benyamin ya.

23 Eye wòɖo tedzi ewo, siwo tsɔ Egipte-nu veviwo kple tedzinɔ ewo, siwo tsɔ bli kple abolo kple mɔ dzi nuɖuɖu, ɖe fofoa.

24 Emegbe edo mɔ nɔviawo, eye hafi wòadze mɔ la, exlɔ̃ nu wo bena: Migawɔ dzre le mɔ dzi o!

25 Ale wotso le Egipte, eye wova ɖo wo fofo Yakob gbɔ le Kanɔan-nyigba dzi.

26 Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.

27 Ke esi wogblɔ nya, siwo katã Yosef gblɔ na wo la, nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam, siwo Yosef ɖo ɖee, be woaɖo ava la, wo fofo Yakob ƒe dzi gaɖo me.

28 Eye Israel gblɔ bena: Esɔ gbɔ be, vinye Yosef gale agbe! Mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan