1 Mose 43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Benyamin hã yi Egipte kple nɔviawo. 1 Ke dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi. 2 Eye esi woɖu bli, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ, vɔ la, wo fofo gblɔ na wo bena: Miyi, ne miagaƒle bli vɛ nam! 3 Yuda gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la ka ɖe dzi na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o. 4 Ne èlɔ̃ ɖe asi le mía nɔvia ŋuti na mí la, ekema míayi aɖaƒle blia vɛ na wò. 5 Ke ne mèlɔ̃ ɖe asi le eŋu na mí o la, ekema míayi o. Elabena ŋutsu la gblɔ na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖe asi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o. 6 Israel ɖo ŋu bena: Nukaŋuti miewɔ vɔ̃ ɖe ŋunye ale, eye mieʋu me na ŋutsu la be, nɔvi gale yewo si? 7 Woɖo ŋu bena: Ŋutsu la bia mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒome ta se kolokolo bena: Ɖe mia fofo gale agbea? Ɖe nɔvi gale mia sia? Eye mieʋu me ne, abe alesi wòle ene. Ɖe míenyae bena, agblɔ na mí be, míkplɔ mía nɔvi vɛ mahã? 8 Yuda gblɔ na fofoa Israel bena: Ɖe asi le ɖevi la ŋuti nam, bene míadze mɔ ayi, ne míatsi agbe, eye mía ŋutɔwo, wò ŋutɔ kple mía nɔviwo míagaku o. 9 Manɔ enu, eye nabiae atso asinye. Ne nyemegakplɔe va ɖo ŋkuwò me o la, ekema nabum vodalae le nye agbe me ŋkekewo katã me. 10 Ɖe menye hehem míele ɖe megbe o la, anye ne miede zi eve gbɔ xoxo. 11 Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo. 12 Migatsɔ ga bubu ɖe asi hekpe ɖe ga, siwo miekpɔ le blia dzi le kotokuawo me la ŋuti. Ɖewohi ɖe woɖe ŋu ɖi. 13 Emegbe miakplɔ mia nɔvi la, eye miadze mɔ ayi ŋutsu la gbɔ. 14 Mawu ŋusẽkatãtɔ la ana bena, ŋutsu la nave mia nu, eye woaɖe asi le mia nɔvi la kple Benyamin ŋuti na mi. Ke ne vinyewo le bubum hã, ne wònɔ bubum ko dzro. Yosef xɔ nɔviawo nyuie. 15 Tete ŋutsuawo tsɔ nunanaawo kple ga bubu ɖe asi, eye wokplɔ Benyamin hã hedze mo yi Egipte, eye wova Yosef gbɔ. 16 Esi Yosef kpɔ bena, Benyamin le wo dome la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla bena: Kplɔ ŋutsu siawo yi aƒe mee, eye nawu lã aɖa nu, elabena ŋutsuawo le nu ɖu ge kplim egbe ŋdɔ. 17 Eye ŋutsu la wo, abe alesi Yosef gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ ŋutsuawo yi Yosef ƒe mee. 18 Tete ŋutsuawo vɔ̃, le esi wokplɔ wo yi Yosef ƒe mee la ta, eye wogblɔ bena: Ga, si miekpɔ le míaƒe kotokuawo me le míaƒe vava gbãtɔ me, tae wokplɔ mi vɛ ɖo, bena woanye zi atsyɔ mía dzi, eye woalé mí kple míaƒe tedziwo awɔ kluviwoe. 19 Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena: 20 Taflatse, mia aƒetɔ, mieva afi sia zi gbãtɔ va ƒle bli. 21 Ke esi mieɖo dzeƒe, eye mietu míaƒe kotokuawo la, amesiame gakpɔ eƒe ga blibo la le eƒe bli dzi le kotokua me; kpɔ ɖa, míegatsɔe ɖe asi vɛ. 22 Míegatsɔ ga bubu ɖe asi vɛ, be míaƒle bli lae, ke mienyã amesi tso ga la ɖe míaƒe kotokuawo me o. 23 Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ. 24 Emegbe la ekplɔ ŋutsuawo va Yosef ƒe me, ku tsi na wo woklɔ afɔe, eye wòtsɔ gbe na woƒe tedziwo. Yosef ɖo kplɔ na nɔviawo. 25 Eye wotsa nunanaawo da ɖi, vaseɖe esime Yosef gbɔ le ŋdɔ me, elabena wose bena, yewole nu ɖu ge le afima. 26 Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ. 27 Eye wòdo gbe na wo nyuie bia wo bena: Mia fofo tsitsi, si ŋu mieƒo nu le nam la, li sesĩe, eye ele agbe mahã? 28 Woɖo ŋu bena: Wò dɔla, mía fofo le sesĩe, eye wogale agbe, Tete wodze klo tsyo mo anyi nɛ. 29 Esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ dadavia Benyamin la, ebia bena: Esia nye mia nɔvi ɖevitɔ, si ŋu mieƒo nu le nam mahã? Eye wõgblɔ be: Mawu nayra wò, vinye! 30 Enumake Yosef tso nuƒoƒo la, eye eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be, yeafa avi; eyata wòyi ɖe eƒe xɔgã me ɖafa avi le afima. 31 Emegbe etutu mo, eye wògado go hezi eɖokui dzi gblɔ bena: Mido kplɔ̃! 32 Tete woɖo kplɔ nɛ ɖe vovo, eye woɖoe na woawo hã ɖe vovo, nenema ke woɖoe ɖe vovo na Egiptetɔ, siwo ɖua nu kplii la hã. Egiptetɔwo meɖua nu kple Hebritɔwo o, elabena enye ŋunyɔnuwɔwɔ le woƒe ŋku me. 33 Eye wobɔbɔ nɔ anyi dze ŋgɔe le kplɔ̃a ŋu, eye wòɖo wo tso tsitsitsɔ dzi vaseɖe ɖevitɔ dzi ɖe woƒe tsitsime nu; ke ŋutsuawo ƒe nu ku, eye wode asi wo nɔewo kpɔkpɔ me. 34 Eye wòna womã nuɖuɖu, si le egbɔ la, na wo, ke Benyamin tɔ sɔ gbɔ wu wo katã tɔ zi atɔ̃. Emegbe la wono nu kplii, eye wokpɔ dzidzɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana