1 Mose 42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob viŋutsuwo yi Egipte, gake Benyamin meyi kple wo o. 1 Esi Yakob se bena, bli le Egipte la, Yakob gblɔna viawo bena: Nukaŋuti miele mia nɔewo ƒe mo kpɔm ale? 2 Eye wògblɔ bena: Mesee vavã bena, bli le Egipte; miyi ne míaƒle bli le afima na mí, bena míatsi agbe, eye miagaku o! 3 Tete Yosef nɔvi ewo dze mɔ, be woayi aɖaƒle bli le Egipte. 4 Ke Yakob meɖe mɔ na Yosef nɔvi Benyamin, be wòayi kple nɔviawo o, elabena ele vɔvɔ̃m be, dzɔgbevɔ̃ea ɖe ava dzɔ ɖe edzi. 5 Tete Israel ƒe viwo kple ame bubuwo va bli ƒle ge, elabena dɔ to le Kanaan-nyigba dzi. 6 Eye Yosef, si enye anyigba dzi ɖula la, dzra bli na anyigbadzitɔwo katã. Esi Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ la. 7 Yosef lé ŋku ɖe wo ŋu, eye wòdze si wo. Ke etrɔ eɖokui ame bubui ɖe wo, eye wòhe nya sesẽ kple wo bia wo bena: Afika mietso? Woɖo ŋu bena: Kanaan-nyigba dzi mietso va bli ƒle ge. 8 Eye Yosef dze si nɔviawo, ke woawo medze sii o. 9 Tete Yosef ɖo ŋku drɔ̃e, si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo bena: Ŋkutsalawo míenye! Ɖe mieva, be miadi mɔnu le anyigba la ŋu. 10 Woɖo ŋu ne bena: Gbeɖe, amegã, wò dɔlawo va nuɖuɖu ƒle ge boŋ. 11 Mí katã ŋutsu ɖeka viwo míenye, eye nyateƒetɔwo míenye: wò dɔlawo menye ŋkutsalawo o. 12 Eɖo ŋu na wo bena: Kpao, mɔnu ɖi ge mieva le anyigba la ŋu! 13 Woɖo ŋu bena: Nɔvi wuieve wò dɔlawo nye, eye ŋutsu ɖeka viwo míenye le Kanaan-nyigba dzi. Ɖevitɔ la tsi fofoa gbɔ, ke ɖeka megali o. 14 Eye Yosef xɔ dzi na wo bena: Ele me kokoko bena, ŋkutsalawo míenye! 15 Esia matsɔ ado mi akpɔe: Mefa Farao be, miadzo le afisia akpɔ o, negbe mia nɔvi ɖevitɔ la koe ava hafi! 16 Mido mia dometɔ ɖeka ɖa, be wòakplɔ mia nɔvi la vɛ, ke malé mi ame mamleawo ade ga. Esia me mado mi akpɔ le be, ɖe mietoa nyateƒe loo; ke ne mele nenem o la, meta Farao bena, ŋkutsalawo míenye. 17 Tete wòlé wo de ga ŋkeke etɔ sɔŋ. 18 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu. 19 Ne mietoa nyateƒe la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me, ke mi mamleawo mitsɔ blia yi na mia ƒometɔwo, bena woatsɔ atsi dɔwuamea nui. 20 Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ nam, ekema miaƒe nyawo anye nyateƒe, eye miagaku o. Tete wowɔ nenema. 21 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Nyateƒe, mia nɔvi lae nu sia va mía dzi ɖo, elabena esi miekpɔ, alesi dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko nam: la, mieɖo tokui! Eyata mieɖo xaxa sia me ɖo. 22 Ruben xɔ dzi na wo bena: Ɖe nyemegblɔ na mi bena, migada vo ɖe ɖevi la ŋu oa? Ke miesee o, azɔ wole eƒe ʋuhlɔ̃ biam mí. 23 Ke womenyae bena, Yosef le esem o, elabena gbesevi le wo dome. 24 Tete wòtrɔ dzo le wo gbɔ ɖade asi avifafa me, emegbe egatrɔ va wo gbɔ heƒo nu kple wo, eye wòlé Simeon le wo dome hebla le wo katã ŋku me. 25 Eyome Yosef de se bena, woade bli woƒe kotokuawo me taŋ, atsɔ amesiame ƒe ga ade eƒe kotokua me, eye woana mɔ dzi nuɖuɖu hã wo. Eye wowɔ na wo nenema. 26 Tete wotsɔ bliawo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wodze mɔ tso afima. 27 Ke esi woɖo dɔƒe, eye wo dometɔ ɖeka tu eƒe kotoku, be yeana nu yeƒe tedzi la, tete wòkpɔ be, yeƒe ga le blia dzi le kotokua me. 28 Eye wògblɔ na nɔviawo bena: Kpɔ ɖa, wogagbugbɔ nye ga nam, eya enye si le nye kotokua me! Tete wolulu, eye wodzo nyanyanya kpo wo nɔewo hegblɔ bena: Nuka enye si Mawu wo ɖe mia ŋu? Yakob viŋutsuwo ƒe tɔtrɔgbɔ. 29 Esi wogbɔ va wo fofo Yakob gbã le Kanaan-nyigba dzi la, wogblɔ nya, siwo katã dzo ɖe wo dzi la, nɛ bena: 30 Ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, he nya sesẽ kple mí, eye wobu mí ŋkutsalawoe. 31 Ke míegblɔ nɛ bena, nyateƒetɔwo míenye, eye míenye ŋkutsalawo o. 32 Nɔvi wuieve míenye, eye fofo ɖekae dzi mí. Ke ame ɖeka megali o, eye miaƒe ɖevitɔ tsi fofoa gbɔ le Kanaan-nyigba dzi. 33 Tete ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, gblɔ na mí bena: Esia me madze sii ale bena, nyateƒetɔwo míenye: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, ke mi ame mamleawo mitso bli yi na mia ƒomeawo, bena woatsi dɔwuame nui. 34 Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam, ne manyae bena, menye ŋkutsalawo mienye o, ke boŋ nyateƒetɔwo míenye. Emegbe maɖe asi le mia nɔvi la ŋu na mi, eye miatsa le anyigba la dzi faa. 35 Ke esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dome ɖesiaɖe gakpɔ eƒe gale kotokua me. Eye esi woa kple wo fofo wokpɔ ga la la, wovɔ̃ ŋutɔ. 36 Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo! 37 Ruben gblɔ na fofoa bena. Ne nyemegakplɔe vɛ na wò o la, ekema nawu nye ŋutsuvi eveawo! Tsɔe de asi nam ko, eye magakplɔe vɛ na wò! 38 Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana