Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Farao ƒe drɔ̃ewo.

1 Le ƒe eve megbe la Farao ku drɔ̃e. Ele tsitre ɖe Nil to.

2 Eye wòkpɔ nyinɔ adre, siwo nyo, eye woda ami la, do go tso tɔsisi la me, eye wole gbe ɖum le tagba.

3 Wo yome la ekpɔ nyinɔ bubu adre, siwo vlo, eye woɖi ku nyatsã la, do tso tɔsisi la me, eye wova tsitre ɖe nyinɔ kemeawo gbɔ le tɔsisi la to.

4 Eye nyinɔ, siwo vlo, eye woɖi ku nyatsã la, lé nyinɔ adre, siwo nyo, eye woda ami la mi. Tete Farao nyo.

5 Esi wògayi alo me la, egaku drɔ̃e, eye wòkpɔ liŋɔ adre, siwo ʋã, eye wodo ku la, do ɖe luti ɖeka ŋu.

6 Wo yome la liŋɔ adre, siwo pepi lé, eye wòlé bu la do.

7 Eye liŋɔ, siwo lé bu la, mi liŋɔ adre, siwo ʋã, eye wodo ku la. Esi Farao nyo la, edze sii bena, drɔ̃e yeku.

8 Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.

9 Tete ahakulawo ƒe amegã ƒo nu kple Farao gblɔ bena: Egbe la meɖo ŋku nye vodada dzi.

10 Esi Farao bi dzi ɖe eƒe dɔlawo ŋuti, eye wòna wòlé mía kple aboloƒolawo ƒe amegã de gaxɔ me le fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe me la,

11 mía kple eve míeku drɔ̃e le zã ɖeka me mia ta míatɔe, eye drɔ̃eawo gɔme hã le vovovo.

12 Eye Hebri-ɖekakpuia ɖe, si enye fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe kluvi la, nɔ mía gbɔ le afima. Mieli míaƒe drɔ̃eawo nɛ, eye wòɖe wo gɔme na mi mia to mía tɔe pɛpɛpɛ.

13 Alesi wòɖe egɔme na mi la, nenema wòva mee; nye la wogatsɔm ɖo nye ɖa nu, ke eya la woɖee ɖe ati ŋu.


Yosef ɖe drɔ̃ewo gɔme na Farao.

14 Tete Farao do woyi ɖayɔ Yosef vɛ. Enumake woɖee le gaxɔa me, eye wòko ta ɖɔ li eƒe awuwo hafi yi Farao gbɔ.

15 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme.

16 Tete Yosef ɖo ŋu na Farao bena: Gbeɖe, menye nyee o; ke Mawu agblɔ nusi enyo la na Farao.

17 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye mele tsitre ɖe Nil to.

18 Kasiaa mekpɔ nyinɔ adre, siwo da ami, eye wonyo la, do tso tɔsisi la me, eye wole gbe ɖum le tagba.

19 Wo yome la nyinɔ kudɔe adre, siwo vlo ŋuta, eye woɖi ku nyatsã la, hã do, nyemekpɔ nyinɔ vlo siawo tɔgbe le Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o!

20 Enumake nyinɔ, siwo ɖi ku, eye wovlo la, lé nyinɔ gbãtɔ adre, siwo da ami la mi.

21 Gake esi womi wo hã la, ɖeko wole abe ɖe womemi wo o ene, eye woƒe nɔnɔme gavlo abe tsã ene. Tete menya.

22 Emegbe megaku drɔ̃e kpɔ liŋɔ adre, siwo ʋã, eye wodo ku la, le luti ɖeka ŋu.

23 Wo yome la liŋɔ adre, siwo pepi lé wo wòlé bu, eye wotsi to nu la do.

24 Eye liŋɔ, siwo lé bu la, mi esiwo do ku la. Esia meli na afakalawo, ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o.

25 Tete Yosef gblɔ na Farao bena: Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme le ɖeka. Nusi wɔ ge Mawu gbɔna la, eyae wòɖe fia Farao.

26 Nyinɔ dami adreawo nye ƒe adre, eye liŋɔ ʋaʋã adreawo hã nye ƒe adre, drɔ̃eawo kple eve gɔme le ɖeka.

27 Nyinɔ kudɔe adre, siwo vlo, eye wodo ɖe wo yome la, wonye ƒe adre, eye liŋɔ adre, siwo pepi lé wotsi to nu la, wonye ɖɔŋɔliƒe adre.

28 Eyatae megblɔ na Farao gbã bena: Nusi wɔ ge Mawu ala la, eya wòɖe fia Farao.

29 Fe adre gbɔna, si me nuɖuɖu ado agbogbo ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi.

30 Eyome la dɔŋɔliƒe adre ava, eye woaŋlɔ alesi nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la be; eve dɔwuame agblẽ anyigba la.

31 Ale bena womaganye naneke le alesi nuɖuɖu do agbogbo ɖe anyigba dzi la ŋuti o, le dɔ, si ava to la ta: elabena enu asẽ ŋutɔ.

32 Ke nusi ta Farao ku drɔ̃ea zi eve ɖo la enye: Mawu ɖoe kplikpa, eye Mawu le ewo ge kaba.

33 Azɔ Farao nedi ame, si dze aɖaŋu, eye tagbɔ li nɛ ta, ɖo Egipte-nyigba la nu.

34 Eyata Farao nadi dzikpɔlawo aɖo anyigba la dzi kaba, bena ne nuɖuɖu do agbogbo ɖe anyigba dzi le ƒe adreawo me la, woadzɔ nuawo ƒe atɔ̃lia,

35 eye woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe nyui, siwo gbɔna la me, eye woadzra bliawo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao.

36 Eye nuɖuɖuawo anye nusi wotu ɖo na anyigba la ɖe dɔŋɔliƒe adre, siwo ava Egipte-nyigba dzi la ŋu, bena ne dɔwuame nagagblẽ anyigba la o.


Wodo Yosef ɖe dzi.

37 Nya sia dze Farao kple eŋuti mewo katã ŋu.

38 Tete Farao gblɔ na eŋuti meawo bena: Ɖe míate ŋu akpɔ amea ɖe, si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe eya ene mahã?

39 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Esi Mawu ɖe nu, siawo katã fia wò la, amea ɖeke meli, si dze aɖaŋu, eye wònya nu abe wò ene o.

40 Eyata wòe anɔ nye aƒe nu, eye nye dukɔ la katã aɖo to wò nyawo; negbe fiazikpui la ko matsɔ awu wò.

41 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Kpɔ ɖa, meɖo wò Egipte-nyigba blibo la nu.

42 Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ.

43 Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu.

44 Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Nye enye Farao, ke ne wòa melɔ̃ o la, amea ɖeke mate ŋu akɔ eƒe asi alo afɔ dzi le Egipte-nyigba blibo la dzi o.

45 Eye Farao na ŋkɔ Yosef bena Zafnat Paneax (amewo ƒe agbeɖela), eye wòtsɔ On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat nɛ wòɖe. Emegbe la Yosef tsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.

46 Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Yosef kpɔ Egiptetɔwo ta.

47 Eye anyigba la wɔ nu ŋutɔ le ƒe adreawo me.

48 Eye wòƒo agblemenu siwo katã wɔ le ƒe adreawo me, le esime nuɖuɖu do agbogbo ɖe Egipte-nyigba dzi la, nu ƒu, eye wòdzra du sia du ƒe agblemetiwo ɖo ɖe ɖu la ŋutɔ me.

49 Eye Yosef tu bliawo ɖo wòsɔ gbɔ ŋutɔ abe ƒutake ene, ale bena womagate ŋu adzidzee o, eye wodzudzɔ edzidzedzidze.

50 Hafi dɔŋɔlia nava la, On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi ŋutsuvi eve na Yosef.

51 Eye Yosef na ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia bena Manase, elabena egblɔ be Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be.

52 Eye wòna ŋkɔ evelia be Efrayim; elabena egblɔ be: Mawu na medzi ɖe dzi le afisi mekpe fu le la.

53 Esi nuʋãƒe adre, siwo va Egipte-nyigba dzi nu yi vɔ la,

54 tete dɔŋɔliƒe adreawo dze gɔme, abe alesi Yosef gblɔ ene. Eye dɔ to ɖe anyigbawo katã dzi, ke nuɖuɖu le Egipte-nyigba ya dzi.

55 Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.

56 Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi.

57 Eye amewo tso afiawo katã va Egipte, be woaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔ la nu sẽ ŋutɔ le afisiafi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan