Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosef ɖe drɔ̃e gɔme na gatɔ eve.

1 Le nya siawo megbe la Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola woda vo ɖe woƒe aƒetɔ, Egipte-fia ŋuti.

2 Eye Farao do dɔmedzoe ɖe eŋuti me eveawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒola wo ƒe amegã ŋuti.

3 Eye wotsɔ wo de gaxɔ, si le fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe xɔ, si me wode Yosef hãe la me.

4 Fia ŋuti mewo ƒe amegã la tsɔ wo de Yosef si, bena wòakpɔ wo dzi, eye wonɔ gaxɔ me ɣeyiɣi didia ɖe.

5 Gbe ɖeka ƒe zã Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola, siwo le gaxɔ me la, woku drɔ̃e wo tɔ wo tɔwoe, eye drɔ̃eawo gɔme le vovovo.

6 Esi Yosef va wo gbɔ le ŋdi la, ekpɔ wo bena, woli kpoo.

7 Tete wòbia Farao ŋuti me, siwo le gaxɔ me kplii le eƒe aƒetɔ ƒe xɔ me la, bena: Nuka wɔ mieɖo adã egbea ale?

8 Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Ahakula la ƒe drɔ̃ekuku.

9 Tete ahakulawo ƒe amegã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef, eye wògblɔ nɛ bena: Meku drɔ̃e kpɔ weinkaa ɖe le ŋkunye me.

10 Alɔ etɔ̃ le weinka sia ŋu, eye esi wode asi dzedze me la, seƒoƒo ɖo wo dzi, eye woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me.

11 Ke Farao ƒe kplu la le asinye; tete megbe weinkpoawo, eye mefiã wo ɖe Farao ƒe kplu la me, emegbe metsɔ kplu la de asi na Farao.

12 Yosef ɖo ŋu nɛ bena: Drɔ̃e la gɔme enye si: Alɔ etɔ̃awo nye ŋkeke etɔ̃.

13 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ado wò ɖe dzi, eye wòagatsɔ wò aɖo wò dɔ nu. Eye nagatsɔ kplu ade Farao si, abe alesi nèwɔna tsã, esi nenye eƒe ahakula ene.

14 Ke ɖo ŋku dzinye, ne eva nyo na wò! Meɖe kuku, ve nunye, eye naɖo ŋku dzinye na Farao, bena wòaɖem le xɔ sia me.

15 Elabena yakatsyɔe wofim le Hebritɔwo ƒe anyigba dzi, eye afi sia hã nyemewɔ naneke, hafi wolém de ga o.


Aboloƒola ƒe drɔ̃ekuku.

16 Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ bena, drɔ̃e la gɔme nyo la, egblɔ na Yosef bena: Nye hã meku drɔ̃e, eye metsɔ abolo kusi etɔ̃ ɖe ta.

17 Ke kusi etametɔ me la abolo vivi vovovowo li na Farao, eye xeviwo va le wo ɖum de kusia me le tanye.

18 Yosef ɖo ŋu nɛ bena: Drɔ̃e la gɔme enye si: Kusi etɔ̃awo nye ŋkeke etɔ̃.

19 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Alesi drɔ̃ewo va ve me.

20 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.

21 Egatsɔ ahakulawo ƒe amegã la ɖo eƒe ahakudɔ nu, bena wòagatsɔ kplu anɔ asi ɖem na Farao.

22 Ke ena wohe aboloƒolawo ƒe amegã ya ɖe ati ŋu, abe alesi Yosef ɖe egɔme na wo ene.

23 Ahakulawo ƒe amegã megaɖo ŋku Yosef dzi o, ke boŋ eŋlɔe be.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan