1 Mose 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Adam viŋutsuwo. 1 Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu. 2 Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela. 3 Esia megbe la eteƒe medidi o, Kain tsɔ agblemenua ɖewo wɔ vɔsae na Yehowa. 4 Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu; 5 ke Kain kple eƒe nunana ya medze eŋu o. Eye Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã. 6 Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Nukaŋuti nèle dzi bim, eye nukaŋuti nèle adã ɖom? 7 Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi! Kain wu nɔvia. 8 Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui. 9 Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea? 10 Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka enye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la ƒe gbe le ɖiɖim tso anyigba dzi mese! 11 Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi. 12 Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi! 13 Eye Kain gblɔ na Yehowa bena: Nye vodada la kpe wu nye tsɔtsɔ. 14 Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum. 15 Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Eyata amesiame, si awu Kain la, woabia hlɔ̃e zi gbɔ zi adre. Eye Yehowa de dzesi Kain, bena amesiame, si ado goe la, nagawui o. 16 Eye Kain dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome. Kain ƒe dzidzimeviwo 17 Eye Kain da kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Eye wòtso du, tso via ƒe ŋkɔ na du la bena Henox. 18 Eye wodzi Irad na Henox, eye Irad dzi Mehuyael, eye Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamex. 19 Ke Lamex ɖe srɔ̃ eve; ɖeka ŋkɔ enye Ada, eye evelia ŋkɔ enye Zila. 20 Eye Ada dzi Yabal, amesi nye agbadɔ me nɔlawo kple lãnyilawo fofo. 21 Enɔvia ŋkɔ nye Yubal, amesi nye saŋkuƒolawo kple dzekulawo fofo. 22 Eye Zila hã dzi Tubalkain, amesi nye akɔbli- kple gaŋudowolawo fofo; eye Tubalkain nɔvinyɔnu ŋkɔ nye Naama. 23 Eye Lamex gblɔ na srɔ̃wo bena: Ada kple Zila, miɖo to nye gbe; mi Lamex srɔ̃wo, mise ye nyawo! Vavã, mewu ŋutsu ɖe nye abi teƒe kple ɖekakpui ɖe nye dodro teƒe. 24 Elabena wòbia hlɔ̃ Kain zi adre, ke Lamex la zi blaadre vɔ adre. Set kple Enos. 25 Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam. 26 Eye wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana