Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yosef subɔ Potifar.

1 Eye esi wokplɔ Yosef va Egipte la, Egiptetɔ Potifar, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋuti mewo ƒe amegã la ƒlee le Ismaeltɔ, siwo kplɔe yi afima la si.

2 Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye nusianu dze edzi nɛ nyuie, eye wònɔ eƒe aƒetɔ, Egiptetɔ la, ƒe me

3 Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,

4 eve Yosef nu, eye wòtsɔe wɔ eƒe subɔlae, eye wòtsɔe ɖo eƒe me nu wo dzikpɔlae hetsɔ eƒe nuwo katã ɖe esi.

5 Tso esime wòtsɔe ɖo eƒe aƒe me nuwo dzikpɔlae, eye wotsɔ eƒe nuwo katã de esi la, Yehowa yra Egiptetɔ la ƒe aƒe le Yosef ta, eye Yehowa ƒe yayra le nusiwo katã le esi le aƒe me kple agble me la dzi.

6 Eye wotsɔ eƒe nuwo katã de Yosef si, eye megatsɔ ɖeke le nyaa ɖeke me o, negbe eƒe nuɖuɖu ko. Eye Yosef nyo, eye wòdze ɖeka ŋutɔ.


Yosef nɔ anyi dzadzɛ.

7 Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.

8 Ke egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã ɖe asi nam.

9 Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?

10 Eye wonɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o.

11 Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔa ɖeke meli o la,

12 ele eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: Va mlɔ anyi kplim! Ke egblẽ eƒe avɔ la ɖe esi me, eye wòsi do go le aƒea me.

13 Esi wòkpɔ be, egblẽ eƒe avɔ ɖe ye si hesi do go la,

14 eya aƒeametɔwo vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, ekplɔ Hebritɔ sia vɛ na mi, amesi ɖi be, yeado ŋukpe mí. Eva gbɔnye, be yeamlɔ anyi kplim, ke medo ɣli sesĩe!

15 Esi wòkpɔ be, medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.

16 Eye wotsɔ eƒe avɔ ta da ɖe eɖokui gbɔ, vaseɖe esime eƒe aƒetɔ gbɔ.

17 Eye wògblɔ nya mawo ke na eya hã bena: Kpɔ ɖa, Hebri-kluvi, si nekplɔ vɛ na mi la, va gbɔnye, be yeado ŋukpem.

18 Ke esi medo ɣli sesĩe la, egblẽ eƒe avɔ ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me.


Wode Yosef gaxɔ me.

19 Esi eƒe aƒetɔ se nya, siwo srɔ̃a gblɔ nɛ bena: ale kple ale wò kluvi wɔ ɖe ŋunye la, dɔme vee ŋutɔ.

20 Eye Yosef ƒe aƒetɔ lée de gaxɔ, si me fia ƒe gatɔwo nɔna la me, eye wònɔ afima le gaxɔa me.

21 Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.

22 Eye gaxɔdzikpɔla tsɔ gatɔ, siwo katã le gaxɔa me la, de Yosef si, eye nusianu, si wowɔna le afima la, eyae ɖonɛ na wo.

23 Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan