Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yuda wɔ nuvɔ̃.

1 Le ɣemaɣi me la Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ heyi ɖe Xira. Adulamtɔ la gbɔ.

2 Afima Yuda kpo Kanaantɔ Sua ƒe vinyɔnu le, eye woɖee, eye wòdo kplii.

3 Eye wòfa fu hedzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ger.

4 Eyome la efɔ fu gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan.

5 Emegbe la egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Sela. Enɔ Kesib hafi dzii.

6 Eye Yuda ɖe srɔ̃ na eƒe ŋgɔgbevi Ger, eŋku nye Tamar.

7 Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger enye ame vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata Yehowa wui.

8 Tete Yuda gblɔ na Onan bena: Ɖe nɔviwò srɔ̃ ahoe, bena nado ƒome ɖi na nɔviwò.

9 Ke esi Onan nya bena, ɖeviawo manye ye tɔ o la, ɖaa ne edɔ nɔvia srɔ̃ gbɔ la, enana tsi la duduna ɖe anyigba, bena yemagado ƒome ɖi na nɔvia o.

10 Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.

11 Eye Yuda gblɔ na lɔ̃xoa Tamar bena: Yi fofowò ƒe me, eye nanye ahosi, vaseɖe esime vinye Sela natsi. Elabena ele vɔvɔ̃m bena, eya hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Tete Tamar yi ɖanɔ fofoa ƒe me.

12 Le ŋkeke geɖewo megbe la Sua vinyɔnu, si nye Yuda srɔ̃ la ku. Eye esi Yuda fa nɛ vɔ la, eya kple xɔlɔ̃a Xira, Adulamtɔ la woyi ɖe Timnat, be woakpɔ amesiwo le fu sẽm na eƒe alẽwo la ɖa.

13 Ke esi wogblɔ na Tamar bena, toa gbɔna va Timnat fu sẽ ge na eƒe alẽwo la,

14 eɖe eƒe ahovɔwo ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋku me, eye wòtsyɔ avɔ blukɔɔ heva bɔbɔ nɔ Enaim-gbo, si le Titmnat-mɔ dzi la nu; elabena ekpɔ be, Sela tsi, gake wometsɔ ye nɛ, be wòaɖe o.

15 Ke esi Yuda kpɔe la, ebu be, gboloa ɖee; elabena etsyɔ nu ŋku me.

16 Tete wòdze yi ɖe egbɔ gblɔ bena: Na mamlɔ gbɔwò! Elabena menyae bena, lɔ̃xoa wònye o. Eɖo ŋu nɛ bena: Nuka nanam hafi amlɔ gbɔnye?

17 Egblɔ bena: Malé gbɔ̃tsu ɖeka le lãhawo me aɖo ɖe wò. Eɖo ŋu bena: Ekema tsɔ nane ɖo awɔba nam, vaseɖe esime naɖoe ɖem.

18 Eye wòbiae bena: Nuka matsɔ aɖo awɔba na wò mahã? Eɖo ŋu be: Wò ŋkɔsigɛ, si nètsɔna ɖoa ŋkɔ nu dzi, kple eŋuti ka kpakple wò atikplɔ, si le asiwò la! Tete wotsɔ wo nɛ, eye wòmia egbɔ, eye wòfɔ lu nɛ.

19 Tete wòdzo yi, eye wòɖe motsyɔnu la ɖi gatsɔ eƒe ahovɔwo ta.

20 Emegbe la Yuda tsɔ gbɔ̃tsu la ɖe xɔlɔ̃a Adulamtɔ la si, be wòaxɔ awɔbaɖonu la le nyɔnu la si; gake mekpɔe o.

21 Eye wòbia dua me ŋutsuwo bena: Afika gbolo, si nɔ Enaim-mɔ dzi la le? Woɖo eŋu ne bena: Gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o.

22 Tete wòtrɔ yi Yuda gbɔ gblɔ bena: Nyemekpɔe o, eye dua me ŋutsuwo hã gblɔ bena, gboloa ɖeke menɔ afisia kpɔ o.

23 Yuda gblɔ bena: Nenɔ esi ko! Ne menya ɖu fewu le mía ŋuti o ko. Meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe o.

24 Anɔ ɣleti etɔ̃ megbe la wogblɔ na Yuda bena: Lɔ̃xowò Tamar wɔ ahasi, eye wòfɔ fu ɖe eme. Tete Yuda gblɔ bena: Mikplɔe ɖo goe, ne míatɔ dzoe!

25 Ke esi wokplɔe do goe la, edɔ ame ɖo ɖe toa gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu, si ƒe nu enye esiawo la, eyae ɖo fum. Eye wògblɔ bena: Lé ŋku ɖe eŋu nyuie be, ameka tɔ enye ŋkɔsigɛ la kple eŋuti ka kpakple alikplɔ la mahã?

26 Esi Yuda ɖe ŋku ɖee nyuie la, egblɔ bena: Etɔ dzɔ wu tanye, elabena nyematsɔe na vinye Sela wòɖe o. Tso ema dzi la megade asi eŋu kpɔ o.

27 Ke esi eƒe vidziɣi ɖo la, wokpɔ be, venɔviwo le eƒe dɔ me.

28 Esime wòle vi dzim la, ɖeka do asi ɖa. Tete vixela tsɔ ka dzia ɖe sa ɖe asi ŋu nɛ gblɔ bena: Esiae tre dodo.

29 Ke esi wògahe asi ɖe eme la, nɔvia do, eye vixela gblɔ bena: Nukaŋuti nèdze le nɔviwò ŋu ale? Eyata wòna ŋkɔe bena: Perez.

30 Emegbe la nɔvia, si ƒe asi ŋu ka dzi le la, hã do; eyata wona ŋkɔe bena Serax.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan