Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Esau ƒe dzidzimegbalẽ.

1 Esia enye Esau, si enye Edom, ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.

2 Esau ɖe Kanaan-nyɔnuwo, woawo nye Ada, Xititɔ Elon ƒe vinyɔnu, Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu, amesi enye Xititɔ Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi;

3 kple Basmat, Ismael ƒe vinyɔnu, si enye Nebayot ƒe nɔvinyɔnu.

4 Ada dzi Elifaz na Esau, eye Basmat dzi Reguel.

5 Eye Oholibama dzi Yehus, Yaelem kple Korax. Esiawo nye viŋutsu, siwo wodzi na Esau le Kanaan-nyigba dzi.

6 Eye Esau kplu srɔ̃awo, viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo kple eƒe kluvi, siwo katã le eƒe me, kple eƒe lãhawo kple eƒe dɔwɔlãwo katã kpe ɖe eƒe kesinɔnu, siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la ŋuti, eye woʋu le nɔvia Yakob gbɔ heyi ɖe Seir-nyigba dzi.

7 Elabena woƒe kesinɔnuwo so gbɔ akpa, ale bena womate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o; eye anyigba, si dzi wonye amedzro le la, mede wo nu o, le woƒe lãhawo ta.

8 Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.

9 Esia enye Esau, Edomtɔ, siwo le Seir-to dzi la, fofo ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.

10 Esiawo nye Esau viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo Esau srɔ̃ Ada viŋutsu enye Elifaz, eye Esau srɔ̃ Basmat viŋutsu enye Reguel.

11 Elifaz viŋutsuwo nye Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenas.

12 Eye Esau viŋutsu Elifas srɔ̃ evelia ŋkɔ enye Timna, eya dzi Amalek na Elifaz. Esiawo nye Esau srɔ̃ Ada ƒe viŋutsuwo.

13 Reguel viŋutsuwo nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. Woawo nye Esau srɔ̃ Basmat ƒe viŋutsuwo

14 Esiawo nye Esau srɔ̃ Oholibama, Ana ƒe vinyɔnu, si enye Zibeon ƒe tɔgbuiyɔvi ƒe viŋutsuwo, eya dzi Yehus, Yaelam kple Korax na Esau.

15 Ame siawo nye amegãwo le Esau viwo dome. Esau ƒe ŋgɔgbevi Elifaz viwo nye, amegã Teman, amegã Omar, amegã Zefo, amegã Kenas,

16 amegã Korax, amegã Gaetan kple amegã Amalek. Amegã siawo dzɔ tso Elifaz me le Edom-nyigba dzi. Woawo nye Ada viwo.

17 Esiawo nye Esau vi Reguel ƒe viŋutsuwo: Amegã Naxat, amegã Serax, amegã Sama kple amegã Misa. Woawo nye amegã, siwo dzɔ tso Reguel me le Edom-nyigba dzi, eye wonye Esau srɔ̃ Basmat ƒe viwo.

18 Esiawo nye Esau srɔ̃ Oholibama ƒe viwo. Amegã Yehus, amegã Yaelam kple amegã Korax. Amegã siawo dzo tso Esau srɔ̃ Oholibama, si enye Ana ƒe vinyɔnu la me.

19 Esiawo nye Esau ƒe viŋutsuwo, eye woawo nye woƒe amegãwo Eya nye Edom.

20 Esiawo nye Xoritɔ Seir, amesi nɔ anyigba la dzi tsã la, ƒe viŋutsuwo Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,

21 Dison, Ezer kple Disan. Woawo nye amegãwo le Xoritɔ Seir, amesi nɔ Edom-nyigba dzi la, ƒe viwo dome.

22 Lotan ƒe viŋutsuwo nye: Xori kple Hemam; eye Lotan nɔvinyɔnu enye Timna.

23 Esiawo nye Sobal ƒe viŋutsuwo: Alwan, Manaxat, Ebal, Sefo kple Onam.

24 Esiawo nye Zibeon ƒe viŋutsuwo: Aya kple Ana; eya nye Ana ma, si tɔ tsi dzodzoe vudo le gbedzi, esime wòle fofoa Zibeon ƒe tedziwo kplɔm la.

25 Esiawo nye Ana ƒe viwo: Dison kple Ana ƒe vinyɔnu Oholibama.

26 Esiawo nye Dison ƒe viŋutsuwo: Xemdan, Esban, Yitran kple Keran.

27 Ezer viŋutsuwo nye Bilhan, Sawan kple Akan.

28 Disan viŋutsuwo nye: Uz kple Aran.

29 Esiawo nye Xoritɔwo ƒe amegãwo: Amegã Lotan, amegã Sobal, amegã Zibeon, amegã Ana,

30 amegã Dison, amegã Ezer kple amegã Disan. Esiawo nye Xoritɔwo ƒe amegãwo le Seir-nyigba la dzi le woƒe duawo nu.

31 Esiawo nye fia, siwo ɖu Edom-nyigba dzi, hafi fia va ɖo Israel-viwo si.

32 Beor vi Bela ɖu fia le Edom, eye eƒe fiadu enye Dinhaba.

33 Esi Bela ku la, Serax vi Yobab tso Bozra ɖu fia ɖe eteƒe.

34 Eye esi Yobab ku la, Xusam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe.

35 Esi Xusam ku la, Bedad vi Hadad ɖu fia ɖe eteƒe; eya nye amesi ɖu Midiantɔwo dzi le Moab ƒe gbadzaƒe, eye eƒe fiadu enye Awit.

36 Eye esi Hadad ku la, Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe.

37 Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot, si le tɔsisia nu, ɖu fia ɖe eteƒe.

38 Eye esi Saul ku la, Axbor vi Baal-Xanan ɖu fia ɖe eteƒe.

39 Esi Baal-Xanan, Axbor vi ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe; eƒe fiadu enye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔ enye Mehetabeel. Matred ƒe vinyɔnu kple Mesahab ƒe tɔgbuiyɔvi.

40 Esiawo nye amegã, siwo dzɔ tso Esau me la, ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo, nɔƒewo kple ŋkɔwo nu. Amegã Timna, amegã Alwa, amegã Yetet,

41 amegã Oholibama, amegã Ela, amegã Pinon,

42 amegã Kenas, amegã Teman, amegã Mibzar,

43 amegã Magdiel kple amegã Iram. Esiawo nye Edom-megãwo le woƒe nɔƒewo kple woawo ŋutɔwo ƒe anyigbawonu. Eya nye Esau, amesi nye Edomtɔwo ƒe fofo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan