1 Mose 35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob le Betel. 1 Eye Mawu gblɔ na Yakob bena: Tso, naʋu ayi Betel, eye nanɔ afima, eye naɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò, esime nesi le nɔviwò Esau nu! 2 Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo, 3 eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la! 4 Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te. 5 Emegbe la wodze mɔ, ke Mawu na vɔvɔ̃ va dze du, siwo ƒo xlã wo la dzi: eyata wometi Yakob viwo yome o. 6 Eye Yakob kple amesiwo katã le eŋu la, wova Lus, esia nye Betel, le Kanaan-nyigba dzi. 7 Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima, eye wòyɔ teƒe la be „Betel ƒe Mawu“, elabena afima Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsi le nɔvia nu. 8 Ke Debora, amesi na no Rebeka le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe Betel ƒe anyigbe ɖe logoti gãa ɖe te, eyata wona ŋkɔ afima bena „Konyifalogo“. Mawu na ŋkɔ yeye Yakob, eye wòyrae. 9 Eye Mawu gaɖe eɖokui fia Yakob, esime wògbɔ tso Mesopotamia, eye wòyrae. 10 Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Ŋkɔwò enye Yakob; tso esia dzi la womagayɔ wò bena Yakob o, ke boŋ wò ŋkɔ anye Israel. Eyata woyɔnɛ bena Israel. 11 Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò. 12 Eye anyigba, si metsɔ na Abraham kple Isak la, màtsɔe ana wò, eye matsɔ anyigba la ana megbewòviwo. 13 Eye Mawu dzo le egbɔ heyi dzi tso afisi wòƒo nu kplii le la. 14 Tete Yakob tu dzesikpe, si enye ŋkuɖodzikpea ɖe, ɖe afisi wòƒo nu kplii le la, eye wòkɔ aha ɖe edzi, emegbe la ekɔ ami hã ɖe edzi. 15 Eye Yakob na ŋkɔ teƒe, si Mawu ƒo nu kplii le la, bena Betel. Raxel ƒe ku. 16 Emegbe la wodze mɔ tso Betel. Esi wote lu Efrat la, Raxel de asi kulele me: ke vidzidzi la nye dɔ nɛ. 17 Eye esi vidzidzia nye dɔ nɛ la, vixela la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena esia hã nye ŋutsuvi! 18 Esi wòle kudɔ ƒom, eye wòkpɔ bena, yele kuku ge la, ena ŋkɔe bena: Benoni; ke fofoa yɔe be Benyamin. 19 Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to. 20 Eye Yakob tu dzesikpe ɖe eƒe yɔdo dzi, esia nye ŋkuɖodzikpe le Raxel ƒe yɔdo dzi vaseɖe egbegbe. 21 Emegbe la Israel gadze mɔ, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe Migdal-Edel godo. Yakob viŋutsuwo. 22 Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see. 23 Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon. 24 Raxel viŋutsu wo nye Yosef kple Benyamin. 25 Raxel ƒe kosi Bilha ƒe viŋutsuwo nye Dan kple Naftali. 26 Eye Lea ƒe kosi Silpa ƒe viŋutsuwo nye Gad kple Aser. Esiawo nye Yakob ƒe viŋutsu, siwo wodzi nɛ le Mesopotamia. 27 Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le. 28 Eye Isak ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blanyi. 29 Eye Isak ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii, hafi woku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ Eye via Esau kple Yakob woɖu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana