Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Yakob lé avu eɖokui kple Esau dome.

1 Eye esi Yakob kpɔ bena: Esau kple eŋume alafa eneawo gbɔna la, emã ɖeviawo na Lea, Raxel kple kosi eveawo.

2 Eye wòtsɔ kosi eveawo kple wo viwo ɖo ŋgɔ, eyome Lea kple viawo, emegbe Raxel kple Yosef.

3 Ke eya ŋuta dze wo ŋgɔ, eye wotsyɔ mo anyi zi adre, vaseɖe esime wòle tu nɔvia.

4 Tete Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wòɖuɖɔ nu nɛ, eye wòde asi avifafa me.

5 Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!

6 Tete kosiawo kple wo viwo va dze klo,

7 eyome Lea kple viawo va dze klo, emegbe Yosef kple Raxel wova dze klo.

8 Eye wòbiɛ bena: Ha blibo ka enye si va kpem le mɔ dzi? Eɖo ŋu be: Bena nye aƒetɔ nave nunye!

9 Esau gblɔ bena: Nu geɖe le asinye, nɔvinye, wò nuwo nenɔ asiwò ko.

10 Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.

11 Xa nye nusi wotsɔ vɛ na wò la dzro, elabena Yehowa yram, mekpɔ nu geɖe! Eye wótèe ɖe ŋu, vaseɖe esime wòxɔe.

12 Eye wògblɔ bena: Na miadze mɔ, ke nye la madze ŋgɔwò.

13 Eɖo ŋu ne bena: Nye aƒetɔ, wò ŋutɔ ènyae bena, ɖevi dzawo kple alẽ kple nyi vinɔwo le ŋunye ne woaƒo du ɖe wo nu ŋkeke ɖeka ko la, ekema lãha blibo la atsrɔ̃.

14 Meɖe kuku, nye aƒetɔ nedze eƒe dɔla ŋgɔ, eye nye la madze yowòme blewublewu, abe alesi lãha la kple ɖevi dzawo ate ŋui ene, vaseɖe esime matu nye aƒetɔ le Seir.

15 Tete Esau gblɔ bena: Ekema magblẽ amesiwo le ŋunye la ɖewo ɖe gbɔwò! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti, esi nye aƒetɔ ve nunye xoxo ɖe!

16 Eye Esau lé eƒe mɔ gbemagbe ke gatrɔ va Seir.


Yakob tso aƒe ɖe Sixem gbɔ.

17 Eye Yakob dze mɔ va Sukot, eye wòtu xɔ ɖe afima, ke ewɔ agbadɔ na eƒe lãhawo; eyata woyɔ afima bena Sukot.

18 Esi Yakob ʋu tso Mesopotamia la, eɖo Sixem, du, si le Kanaan-nyigba dzi la me dedie, eye wònɔ dua xa.

19 Eye wòƒle anyigba, si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la, le Sixem fofo Hemor ƒe viwo si, kesita alafa ɖeka.

20 Eye wòɖi vɔsamlekpui ete afima, eye wòna ŋkɔe bena: „Mawu, si enye Israel ƒe Mawu“.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan