1 Mose 32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob kpe mawudɔlawo. 1 Eye esi Laban fo ŋdi kanya la, eɖuɖɔ nu na tɔgbuiayɔviwo kple vianyɔnuwo, eye wòyra wo. Emegbe la Laban dze mɔ gatrɔ yi enɔƒe. 2 Ke Yakob hã dze eƒe ma dzi, eye mawudɔlawo va do goe. 3 Eye esi Yakob kpɔ wo la, egblɔ be Mawu ƒe asaɖa enye esia! Eyata wòyɔ teƒe ma be Maxanaim. Yakob vi Esau. 4 Eye Yakob dɔ dɔlawo ɖo ɖe eŋgɔ ɖe nɔvia Esau gbɔ le Seir-nyigba dzi le Edom gbedzi. 5 Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi. 6 Eye mekpɔ aƒenyiwo, tedziwo kple alẽwo, kluviwo kple kosiviwo, eye meɖo dɔlawo ɖo ɖe nye aƒetɔ gbɔ, be wòave nunye. 7 Eye dɔlawo gatrɔ va Yakob gbɔ, eye wogblɔ bena: Miede noviwò Esau gbɔ, eye eya hã gbɔna kpe wò ge kple ame alafa ene. 8 Tete Yakob de asi vɔvɔ̃ me ŋutɔ, eye dzika tso eƒo, eye wòmã amesiwo le eŋu, alẽwo, aƒenyiwo kple kposɔwo ɖe akpa eve me. 9 Elabena egblɔ bena: Ne Esau ava dze akpa ɖeka dzi, eye woade zi wo me la, ekema akpa ɖeka nasi adzo. Yakob ƒe gbedodoɖa. 10 Eye Yakob gblɔ bena. Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la, 11 nye medze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nẽɖi na wò dɔla la dometɔa ɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve. 12 Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome. 13 Wò ŋutɔ gblɔ be: Mawɔ nyuie na wò vava, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ le agbɔsɔsɔ ta o la ene. Yakob fa akɔ na Esau. 14 Eye wòtsi afima dɔ. Eye wòtsɔ nusiwo le esi la ƒe akpa ɖeka ɖo ɖe nɔvia Esau: 15 Gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blave, alẽnɔ alafa eve kple agbo blave, 16 kposɔ vinɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blane kple nyitsu ewo, tedzinɔ blave kple tedzivi ewo. 17 Eye wotsɔ wo de dɔlawo si hamehame, eye wògblɔ na dɔlawo bena: Midze ŋgɔnye, eye mina lãhawo dome naɖe. 18 Eye wogblɔna ŋgɔgbetɔ bena: Ne nɔvinye ava do go wò, eye woabia wò bena: Ameka vi nènye, afika nèyina, eye nusiwo le ŋgɔwò la, ameka tɔe mahã la, 19 ekema naɖo ŋu bena. Wò dɔla Yakob ɖo nu siawo ɖe nye aƒetɔ Esau: eye eya ŋutɔ le mia megbe gbɔna. 20 Nenema wògblɔ na ame evelia, etɔ̃lia kple mamle, siwo katã le lãhawo kplɔm la, eye wògblɔ bena: Alea tututu miagblɔ na Esau, ne mieɖo goe! 21 Eye miagblɔ bena: Wò dɔla Yakob hã le mía megbe gbɔna. Elabena egblɔ be, yeatsɔ nunana, siwo dze ŋgɔ nɛ la, akpatae gbã, hafi ye ŋutɔ yeado ɖe eƒe ŋku me, ɖewo ave ye nu axɔ ye matu. 22 Ale nunanawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa me dɔ le zã ma me. 23 Emegbe la efɔ le zã ma me, eye eya kple esrɔ̃ eveawo kple kosi eveawo kpe ɖe ɖevi wuiɖekɛawo ŋu, wotso Yabok tɔsisi la. 24 Eye esi wòna woɖe tsi wo kple nusiwo katã le esi, yi ɖe tɔa godo la, 25 Yakob ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsua ɖe va te kame kplii ʋuu, vaseɖe esime agu dze. 26 Ke esi wòkpɔ be, yemate ŋui o la, etɔ asi eƒe aligo, eye Yakob ƒe aligokpeƒe ɖɔ li, le esime wole ka mea tem la. 27 Eye ŋutsu la gblɔ bena: Ɖe asi le ŋunye, elabena agu le dzedzem! Ke eɖo ŋu bena: Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nayram hafi. 28 Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob. 29 Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui. 30 Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima. 31 Eye Yakob na ŋkɔ teƒe la be Pniel, elabena egblɔ be: Mekpɔ Mawu ŋku me kple ŋku me: gake metsi agbe. 32 Ke esi wòɖe Pniel ɖe megbe la, ɣe dze, eye wòle tɔtɔm ɖe aku dzi. 33 Eyata Israel-viwo meɖua ka sesẽ, si la aligokpeƒe la o vaseɖe egbegbe, elabena wòtɔ asi ka, si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana