1 Mose 31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob si kple etɔwo. 1 Ke esi Laban viŋutsuwo gblɔ bena: Yakob da dzo mía fofo ƒe nuwo katã, eye nusiwo nye mía fofo tɔ la, woawoe wòxɔ wɔ eƒe kesinɔnu siawo katãe. 2 Eye Yakob kpɔ be, Laban megakɔa ŋku me ɖee abe tsã ene o. 3 Eye Yehowa gblɔ na Yakob bena: Trɔ yi fofowò ƒe anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye manɔ anyi kpli wò! 4 Tete Yakob dɔ woyi ɖayɔ Raxel kple Lea va eƒe lãha gbɔ le gbe me. 5 Eye wògblɔ na wo bena: Mekpɔ be, mia fofo megakɔa ŋku me ɖem abe tsã ene o; gake fofonye ƒe Mawu la li kplim. 6 Mia ŋutɔwo mienyae bena, nye ŋusẽ katã metsɔ subɔ mia fofo lae. 7 Gake mia fofo blem, eye wòɖɔ li nye fetu zi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ be, wòawɔ vɔ ɖe ŋunye o. 8 Ne egblɔ bena: lã ŋɔtaŋɔtawo nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la katã dzia vi ŋɔtaŋɔtawo sɔŋ, eye ne egagblɔ bena: lã, siwo me fli to, nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la dzia vi, siwo me fli to la. 9 Ale Mawu xɔ lãha blibo le mia fofo si hetsɔ nam. 10 Eye esi lãwo le asi yɔm la, meku drɔ̃e kpɔ bena, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ sɔŋ, le lãnɔwo liam. 11 Eye mawudɔla gblɔ nam le drɔ̃e me bena: Yakob! Meɖo ŋu bena: Nye enye si! 12 Eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, lãtsu, siwo me fli to, esiwo le ŋɔtaŋɔta, kple esiwo tso kpɔ la, le lãnɔawo liam. Elabena mekpɔ nusi Laban wɔ ɖe ŋuwò la. 13 Nye enye Mawu, si ɖe eɖokui fia wò le Betel, afisi nèkɔ ami ɖe kpe dzi, eye nèɖe adzɔgbe nam le. Tso, naʋu le anyigba sia dzi àgatrɔ yi ɖe mia denyigba dzi! 14 Tete Raxel kple Lea woɖo ŋu nɛ bena: Ɖe gome kple domenyinyia ɖe gali na mi le mía fofo ƒe mea? 15 Ɖe mele mia bum amedzrowoe oa? Elabena etsɔ mí dzra, eye wòle ga, si wòxɔ ɖe mía ta la ɖum vaseɖe mi. 16 Elabena kesinɔnu, siwo katã Mawu xɔ le mía fofo si la, wonye mía ŋutɔwo kple mia viwo tɔ; eyata wɔ nusianu, si Mawu gblɔ ha wò la ko! 17 Tete Yakob tsɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi. 18 Emegbe la ekplɔ eƒe lãwo katã, eye wotsɔ eƒe kesinɔnuwo katã, nusianu, si wòkpɔ le Mesopotamia la, eye wòdzo yina ɖe fofoa Isak gbɔ le Kanaan-nyigba dzi. 19 Ke esi Laban yi fu sẽ ge na lãwo la, Raxel fi fofoa ƒe aklama kpakpɛwo. 20 Eye Yakob ble Laban Aramtɔ la, elabena megblɔe nɛ hafi dzo o. 21 Ale wòsi yi kple nusiwo katã le esi la, eye wotso tɔsisi la heɖo ta Gilead-towo gbɔ. Yakob wɔ ɖeka kple Laban. 22 Le ŋkeke etɔ̃ megbe la wova gblɔ na Laban bena, Yakob si. 23 Tete wotsɔ nɔvia wo kpe ɖe eɖokui ŋu ti eyome ŋkeke adre sɔŋ, eye wòva tui le Gilead-towo dzi. 24 Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o. 25 Eye Laban va tu Yakob; eye Yakob tu eƒe agbadɔ ɖe to la dzi, ke Laban kple nɔviawo tu wo tɔ ɖe Gilead-to la dzi. 26 Tete Laban gblɔ na Yakob bena: Nuka nye esi nèwɔ, eye nèblem hekplɔ vinyenyɔnuwo dzoe abe aboyomewo ene? 27 Nukaŋuti nèsi le adza me, eye nèblem, eye mèklãm, be maɖo wò ɖa kple aseyetsotso, hadzidzi, ʋuƒoƒo kple saŋkuƒoƒo o, 28 eye mèna meɖuɖɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo kple vinyenyɔnuwo o mahã? Ewɔ bometsinu! 29 Ŋusẽ le asinye be, mawɔ vɔ̃ mi hafi, gake le etsɔ ƒe zã, si va yi me la, mia fofo ƒe Mawu la gblɔ nam bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒonu vɔ̃a ɖeke kple Yakob o. 30 Ke esi nèdzo, elabena aƒe le dzrowòm vevie la, nukaŋuti nefi nye mawuwo? 31 Tete Yakob ɖo ŋu na Laban bena: Mele vɔvɔ̃m, elabena mesusu be, ɖewohĩ axa viwònyɔnuawo le asinye. 32 Amesi ke gbɔ nakpɔ wò mawuawo le la, magano agbe o! Le mía nɔviawo katã ƒe ŋku me ka nye nuwo me, eye natsɔe! Ke Yakob menyae bena. Raxel ye fii o. 33 Tete Laban ka Yakob kple Lea kpakple kosi eveawo ƒe agbadɔwo me, mekpɔe o; emegbe la; edze le Lea ƒe agbadɔ me heyi ɖe Raxel ƒe agbadɔ me. 34 Ke Raxel fi aklama kpakpɛawo, eye wòtsɔ wo ɣla ɖe kposɔ ƒe akpa le hebɔbɔ no edzi. Eye Laban ka agbadɔ la katã me, ke mekpɔ naneke o. 35 Eye wògblɔ na fofoa bena: Nye aƒetɔ, megabi dzi be, nyemate ŋu atsi tre o, elabena mekpɔ dzinu! Eye wódii gadu, ke mekpɔ aklama kpakpɛawo o. 36 Azɔ Yakob bi dzi hedo dɔmedzoe ɖe Laban ŋuti. Eye Yakob bia Laban bena. Vo ka meda, eye vɔ ka mewo be, nele hosuhosu dom nam ale? 37 Eka nye nuwo katã me, aƒewo me nu ka nakpɔ mahã? Tsɔe va da ɖe mia kple nɔviwòawo katã ŋku me, bena woatso atia na mia dometɔ, si to dzo! 38 Ƒe blave enye si menɔ gbɔwò, fu mege le wò alẽnɔ kple wò gbɔ̃nɔa ɖeke ŋu kpo o, eye nyemele agboa ɖeke tso wò alẽha la me ɖu kpo o. 39 Esiwo nu lé la, nyemetsɔa wo vanɛ na wò o, ke boŋ meɖoa eteƒe na wò, elabena èbianɛ tso asinye, eɖanye wofii le ŋɖɔ alo zã o. 40 Le ŋkeke me ŋdɔ ɖuam, eye le zã me vuvɔ wɔam, eye nyemedɔa alɔ̃ hã o. 41 Ƒe blave sɔŋ mena aƒewò me. Mesubɔ wò ƒe wuiene ɖe viwònyɔnuvi eveawo ta, eye ƒe ade ɖe alẽwo la; gake eɖo li nye fetu zi ewo. 42 Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi. 43 Tete Laban ɖo ŋu na Yakob bena: Nyɔnuawo tɔnyewoe, ɖevia wo hã tɔnyewoe, lãwo tɔnyewoe, eye nusianu, si kpam nele la, tɔnyee! Ke nuka mawɔ ɖe vinyenyɔnuwo kple vi, siwo wodzi la ŋu? 44 Na míabla nu kple mía nɔewo, eye esia anye ɖase le mia kpli wò dome. 45 Tete Yakob tso kpea ɖe tu anyi, be wòanye dzesikpe. 46 Eye Yakob gblɔ na nɔviawo bena: Mifa kpewo vɛ! Eye wofɔ kpewo li koe; emegbe la woɖu nu le afima le ka la dzi. 47 Eye Laban na ŋkɔe be Yegar-Saxaduta; ke Yakob na ŋkɔe bena Galed. 48 Eye Laban gblɔ bena: Kpekɔ sia enye ɖase le mia kple wò dome egbe. Eyata wona ŋkɔe bena Galed kple Mizpa, 49 elabena egblɔ be Yehowa anɔ mia kple wò ŋuti dzom, ne miegale adzɔge tso mia nɔewo gbɔ hã la. 50 Ne ate vinyenyɔnuwo ɖe anyi, alo naɖe srɔ̃ bubu akpe ɖe vinyenyɔnuawo ŋu la — amea ɖeke mele mia gbɔ o, Mawu koe nye ɖaseɖila le mia kpli wo dome. 51 Eye Laban gblɔ na Yakob bena: Kpekɔ sia kple dzesikpe, si mia kpli wò mietu. — 52 Kpekɔ sia kple dzesikpe la anye ɖase Nyemekpɔ mo ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔwo o, eye wò hã mekpe mo aɖo tame vɔ̃ ato kpekɔ sia kple dzesikpe sia ŋu ava gbɔnye o! 53 Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam. 54 Emegbe la Yakob wu vɔsalãwo le to la dzi, eye wokpe nɔviawo be, woava ɖu nu. Eye woɖu nu, eye wotsi to la dzi dɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana