1 Mose 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuvɔ̃ me dzedze. 1 Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã? 2 Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; 3 ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! 4 Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o; 5 ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃. 6 Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu. 7 Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena, yewole amama, eye wòtɔ amagbawo hesa ɖe ali. 8 Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te. 9 Tete Yehowa Mawu yɔ amea gblɔ nɛ bena: Afika nèle? 10 Eɖo ŋu nɛ bena: Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye meva; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye. 11 Egblɔ be: Ameka toe na wò be, amamae nèle? Alo ɖe nèɖu ati, si ŋuti meɖe se na wò be, megaɖu eƒe ɖeke o la ƒe ɖe mahã? 12 Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu. 13 Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui. Fiƒode kple ŋugbedodo gbãtɔ. 14 Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena: Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me! 15 Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ. 16 Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò. 17 Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. 18 Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo! 19 Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu! 20 Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada. 21 Eye Yehowa Mawu tsɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. 22 Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la, 23 Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe. 24 Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana