1 Mose 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob subɔ le Laban gbɔ. 1 Tete Yakob dze mɔ, eye wòyi ɖe ɣetoɖoƒetɔwo ƒe anyigba dzi 2 Eye wòkpɔ vudoa de le gbea dzi, eye alẽha etɔ̃ wotsyɔ akɔ anyi ɖe afima; elabena vudo sia me wokua tsi lena na alẽhawo wonona, eye kpe gãa ɖe le vudo la nu. 3 Eye ne alẽhawo katã va ƒo ƒu ɖe afima la, ekema womlia kpe la le vudoa nu, eye wonaa tsi alẽawo; emegbe wogamlia kpe la tua vudoa nu ɖe eteƒe. 4 Yakob bia wo bena: Nɔvinyewo, afika mietso? Woɖo ŋu bena. Míetso Xaran! 5 Egblɔ na wo bena: Mienyã Naxor vi Laban mahã? Woɖo ŋu bena: Ẽ, mienyae! 6 Egabia wo bena: Eli sesĩe mahã? Woɖo ŋu bena: Eli sesĩe! Kpɔ ɖa, via Raxel hã kplɔ alẽwo gbɔnae. 7 Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, ɣe gale dzi, eye womaƒo alẽwo nu ƒu haɖe o. Mina tsi alẽawo woano, emegbe miana woagaɖu gbe. 8 Wogblɔ bena: Míale ŋui o, vaseɖe esime woaƒo alẽhawo katã nu ƒu; ekema míamli kpe la ɖa le vudoa nu, hafi miana tsi alẽawo woano. 9 Esi wògale nu ƒom kpli wo la, tete Raxel kplɔ fofoa ƒe alẽwo vɛ, elabena alẽkplɔla wònye. 10 Ke esi Yakob kpo Raxel, edada nɔvi Laban ƒe vinyɔnu kple edada nɔvi Laban ƒe alẽwo la, Yakob te va, eye wómli kpe la ɖa le vudoa nu, eye wòna tsi edada nɔvi Laban ƒe alẽwo wono. 11 Emegbe la Yakob ɖuɖɔ nu na Raxel, eye wòɖe asi avifafa me. 12 Eye Yakob gblɔ na Raxel bena, fofoa nɔvi yenye, eye Rebeka vi yenye; tete wòƒu ɖu yi ɖagblɔe na fofoa. 13 Esi Laban se nya siawo le nɔvianyɔnu ƒe vi Yakob ŋuti la, eƒu ɖu yi ɖakpee, eye wòkpla asi kɔ nɛ heɖuɖɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va eƒe me. Eye wòxlẽ nya, siwo katã va dzɔ la, na Laban. 14 Tete Laban gblɔ nɛ bena: Nyateƒee, nɔvinye kpamkpam nènye! Ke esi wònɔ egbɔ ɣleti ɖeka la, 15 Laban gblɔ na Yakob bena: Nɔvinye nènye! Ɖe nawɔ ɖɔ nam dzodzroa? Gblɔe nam, nuka lanye wò fetu? 16 Nyɔnuvi eve le Laban si, xoxoetɔ ŋkɔ nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔ nye Raxel. 17 Lea ƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ; ke Raxel ya nyo, eye wòdze tugbe. 18 Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta. 19 Laban gblɔ bena: Enyo be, màtsɔe na wò, wu esi màtsɔe na ŋutsu bubu; nɔ gbɔnye! 20 Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Raxel ta, eye wòle nɛ abe ŋkekea ɖewo ko ene, le alesi gbegbe wòlɔ̃ne la ta. Yakob ɖe srɔ̃. 21 Emegbe la Yakob gblɔ na Laban bena: Tsɔ srɔ̃nye nam azɔ, elabena nye ŋkekewo ɖe, bena maɖee! 22 Tete Laban kpe dua me ŋutsuwo katã, eye wòɖo kplɔ̃ na wo. 23 Ke esi zã ɖo la, ekplɔ vianyɔnu Lea yi nɛ, eye wòdɔ kplii. 24 Eye Laban tsɔ eƒe kosi Silpa na via Lea, bena woasubɔe. 25 Ke esi ŋu ke la, ekpɔ be, Lea ye. Eye wògblɔ na Laban bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye? Alo menye Raxel ta mesubɔ wò ɖo oa? Nukaŋuti nèblema? 26 Laban ɖo ŋu ne bena: Menye míaƒe kɔ be, woatre ɖevitɔ ɖeɖe na xoxoetɔ o. 27 Ne ewu kwasiɖa sia nu la, ekema matsɔ eya hã na wò ɖe ɖɔ, si nagawɔ nam le ƒe adre bubu me la nu. 28 Yakob wɔ nenema, eye wowu kwasiɖa la nu; emegbe wotsɔ via Raxel hã nɛ wòɖe. 29 Eye Laban tsɔ eƒe kosi Bilha na via Raxel, bena woasubɔe. 30 Azɔ edɔ kple Raxel hã, eye wolɔa Raxel wua Lea. Eye wòsubɔe ƒe adre bubu la. 31 Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ. 32 Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m. 33 Eyome la egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Eye wògblɔ bena: Yehowa se bena, womelɔ̃a nye nya o; eyata wotso esia hã nam. Eye wòna ŋkɔe bena Simeon. 34 Emegbe wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ ko srɔ̃nye aku ɖe ŋunye, elabena medzi ŋutsuvi etɔ nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Lewi. 35 Eye wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ la makafu Yehowa! Eyata wòna ŋkɔe bena Yuda. Emegbe la edzudzɔ vidzidzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana