1 Mose 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob si yi Xaran. 1 Emegbe la Isak yɔ Yakob vɛ, eye wòyrae, eye wòde se nɛ gblɔ nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o! 2 Yi Mesopotamia ɖe dawo fofo Betuel ƒe me, eye naɖe dawo nɔvi Laban ƒe vinyɔnua ɖe! 3 Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe. 4 Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome. 5 Tete Isak do mɔ Yakob, eye wòyi ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, amesi enye Yakob kple Esau dada Rebeka nɔvi la gbɔ. Esau gaɖe srɔ̃. 6 Ke esi Esau kpɔ bena, Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Mesopotamia, bena wòaɖe srɔ̃ le afima, eye wòyrae de se nɛ gblɔ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o, 7 eye bena Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Mesopotamia la, 8 Esau dze sii bena, Kanaan-vinyɔnuawo medze fofoa Isak ŋu o. 9 Eyata Esau yi ɖe Ismael gbɔ, eye wòɖe Mahalat, Abraham vi Ismael ƒe vinyɔnu, si enye Nebayot nɔvinyɔnu, hekpe ɖe srɔ̃ bubuawo ŋu. Yakob kpɔ atsrɔe, si tɔ dziƒo. 10 Ke Yakob dze mɔ tso Beer-Seba heyina Xaran. 11 Eye wòva ɖo teƒea ɖe hetsi afima dɔ, ela bena ɣe ɖo to xoxo. Tete wòmia anyi ɖe afima, eye wòtsɔ afima kpea ɖe heziɔ tae. 12 Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim. 13 Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo. 14 Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me. 15 Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o. 16 Esi Yakob nyɔ tso alɔ me la, egblɔ be: Vavã, Yehowa le afisia, gake nyemenyae o! 17 Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye. Yakob ƒe adzɔgbeɖeɖe. 18 Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi. 19 Eye wòna ŋkɔ teƒe ma bena: Betel; ke tsã la woyɔnɛ be Lus. 20 Eye Yakob ɖe adzɔgbe gblɔ bena: Ne Mawu anɔ anyi kplim, eye wòakpɔ dzinye le mɔ, si dzi mele la dzi, eye wòana abolom maɖu kple awum mado, 21 eye wòana maganɔ ava fofonye ƒe me dedie la, ekema Yehowa anye nye Mawu. 22 Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana