1 Mose 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yakob xɔ ŋgɔgbeviyayra to aye me. 1 Esi Isak ku amegã ɖeɖi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale be megale nu kpɔm o la, eya via xoxoetɔ Esau gblɔ nɛ bena: Vinye! Eɖo ŋu nɛ bena: Nyee nye si. 2 Tete wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, metsi, eye nyemenya nye kugbe o. 3 Eyata tsɔ wò adedanuwo, ɖaku kple da, eye nayi gbe me aɖawu lãa ɖe vɛ nam! 4 Emegbe naɖa nu nyuia ɖe nam, abe alesi nyoa ŋunye ene, eye natsɔe vɛ nam, ne maɖu, be mayra wò hafi aku! 5 Eye Rebeka se nya, siwo Isak gblɔ na via Esau la. Ke esi Esau yi gbe me, be woawu lã atsɔ va aƒee la, 6 Rebeka gblɔ na via Yakob be: Mese alesi fofowò gblɔ na noviwò Esau bena: 7 Di adelã, eye naɖa nu nyuia ɖe vɛ nam, ne maɖu, eye mayra wò le Yehowa ƒe ŋku me hafi aku. 8 Eyata vinye, se nye gbe, eye nawɔ nusi magblɔ na wò la! 9 Yi lãhawo gbɔ, eye nalé gbɔ̃vi nyui eve vɛ nam, bena maɖa nu nyuia ɖe na fofowò, abe alesi nyoa eŋu ene. 10 Emegbe natsɔe ayi na fofowò, ne wòaɖu, eye wòayra wò hafi aku. 11 Tete Yakob gblɔ na dadaa Rebeka bena: Enyo hafi, gake nɔvinye Esau la ɖu me wònye, ke nye la fu mele ŋunye o. 12 Misela fofonye ali asi ŋunye akpɔ, ekema abum ameflulae, eye mayram o, ke aƒo fi boŋ adem. 13 Dadaa ɖo ŋu ne bena: Vinye, nye boŋ ŋue wò fiƒoɖe la laɖi; ɖo tom ko, eye nayi aɖalée vɛ! 14 Tete wòyi ɖalée vɛ na dadaa, eye dadaa ɖa nu nyuia ɖe, abe alesi nyoa fofoa ŋu ene. 15 Emegbe la Rebeka tsɔ via xoxoetɔ Esau ƒe atsyɔɖowu, siwo le egbɔ la, hedo na via ɖevitɔ Yakob. 16 Eye wotso gbɔ̃viawo ƒe agbalẽ bla ɖe eƒe asiwò kple eƒe ko, siwo ŋu ɖi niŋɔniŋɔ la ŋu. 17 Eye wòtsɔ nuɖuɖu la kple abolo, si wòƒo la, ɖe asi na via Yakob. 18 Tete wòyi ɖe fofoa gbɔ gblɔ bena: Fofonye! Eɖo ŋu bena: Nye enye si! Vinye, wò amekae? 19 Yakob gblɔ na fofoa bena: Nye enye Esau, wò ŋgɔgbevi, mewɔ abe alesi nègblɔ nam ene. Fɔ ɖe ali nu, ne naɖu nye adelã la, eye nayram. 20 Tete Isak gblɔ na via bena: Aleke wɔ nèkpɔe kaba ale, vinye? Eɖo ŋu nɛ bena: Elabena wò Mawu la na wòva ɖo gom. 21 Isak gblɔ na Yakob bena: Te ɖe ŋunye, vinye, ne mali asi ŋuwò akpɔ, be vinye Esau nènye loo, alo menye eyae o! 22 Tete Yakob te ɖe fofoa Isak ŋu, eye esi wòli asi eŋu kpɔ la, egblɔ bena: Gbe la enye Yakob ƒe gbe, ke asiawo nye Esau ƒe asi. 23 Ale medze sii o, elabena eƒe asiwò to fu kedzekedze abe nɔvia Esau ƒe asi ene, eye wòyrae. 24 Eye wògblɔ nɛ bena: Vinye Esau nènyea? Eɖo ŋu bena: E, nyee! 25 Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ. 26 Eyome la fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Te ɖe ŋunye azɔ, vinye, eye naɖuɖɔ nu nam! 27 Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene. 28 Mawu ana dziƒozãmu kple anyigba wɔnu wò, eye àkpɔ bli kple wein geɖe fũ ŋutɔ. 29 Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae! 30 Ke esi Isak wu Yakob yayra nu, eye Yakob ɖo go tso fofoa Isak gbɔ la, tete nɔvia Esau gbɔ tso adegbe. 31 Eye eya hã ɖa du nyuia ɖe tsɔ vɛ na fofoa, eye wògblɔ na fofoa bena: Fofonye, fɔ ɖe ali nu, eye naɖu viwò ƒe adelã la, bena nayram! 32 Fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Wò amekae? Eɖo ŋu bena: Nye enye Esau, wò ŋgɔgbevi. 33 Tete Isak ɖi vo ŋutɔ gblɔ bena: Ameka gɔ̃ enye si tsɔ adelã vɛ nam, eye meɖu nuawo katã ƒe ɖe, hafi neva, eye meyrae mahã? Eya tɔ ko yayra la anye! 34 Esi Esau se fofoa ƒe nyawo la, edo ɣli sesĩe nublanuitɔe gblɔ na fofoa bena: Fofonye, yra nye hã! 35 Ke egblɔ bena: Nɔviwò to aye meva xɔwo yayra la xoxo. 36 Eɖo ŋu bena: Yakob ye woyɔnɛ vavã! Zi eve enye si wòblem: Exɔ ŋgɔgbevinyenye le asinye, azɔ egaxɔ nye yayra hã! Eye wòbiae bena: Mèkpɔtɔ yayraa ɖeke ɖi nam oa? 37 Tete Isak gblɔ na Esau bena: Kpɔ ɖa, meɖoe aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wein hã nɛ: azɔ nuka gɔ̃e gali mawɔ na wò, vinye? 38 Esau xɔ edzi na fofoa bena: Alo yayra sia ɖeka koe le asiwòa, fofonye? Yra nye hã, fofonye! Eye Esau gbã avi doo. 39 Tete fofoa Isak gblɔ nɛ bena: Manɔ anyigba wɔnu dzi akpɔ o, eye dziƒozãmua ɖeke madza na wò o. 40 Wò yi anyi wò, eye àsubɔ nɔviwò. Ke ne èle ʋiʋlim la, aɖe eƒe kɔkuti ɖa le wò kɔ dzi. Esau ɖi bena, yeawu nɔvia. 41 Ke Esau lé Yakob ɖe fu me le yayra, si fofoa tsɔ nɛ la ta, eye Esau ɖo ta me gblɔ bena: Ne fofonye aku, eye woanɔ fu nyim nɛ la, ekema mawu nɔvinye Yakob! 42 Esi Rebeka se via xoxoetɔ Esau ƒe nyawo la, ena woyɔ via ɖevitɔ Yakob vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, nɔviwò Esau ɖo be, yeabia hlɔ̃ awu wò. 43 Eyata vinye, ɖo to nye gbe! Tso, eye nasi ayi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran! 44 Eye nanɔ egbɔ ŋkekea ɖewo, vaseɖe esime nɔviwò ƒe dziku la nu nata nɛ, 45 vaseɖe esime dzi nadzudzɔ ekuku ɖe ŋuwò, eye wòaŋlɔ nusi nèwɔ ɖe eŋu la be! Ekema mado woakplɔ wò tso afima vɛ. Nukaŋuti mi ame eve miabu ɖem gbe ɖeka? 46 Eye Rebeka gblɔ na Isak bena: Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnua ɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo? |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana