Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu do ŋugbe na Isak le Gerar.

1 Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.

2 Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae gblɔ bena: Megayi Egipte o, ke boŋ na anyigba, si mafia wò la dzi!

3 Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.

4 Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.

5 Elabena Abraham ɖo to nye gbe, eye wòwɔ nye se, nye ɖoɖo kple nye mɔnufiame, siwo megblɔ nɛ la dzi.


Se, si Abimelex de le Rebeka ŋu.

6 Eye Isak nɔ Gerar.

7 Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.

8 Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.

9 Tete Abimelex yɔ Isak hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, srɔ̃wo wònye tso! Menye wòe gblɔ bena, ye nɔvinyɔnue oa? Isak ɖo ŋu nɛ bena; Elabena mele vɔvɔ̃m be, woawum le eta.

10 Eye Abimelex gblɔ nɛ bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe mía ŋu? Esusɔ vie vinyewo dometɔ ɖeka de asi srɔ̃wòa ŋu kloe, eye ahe dzɔgbevɔ̃e gãa ɖe ava mía dzi.

11 Tete Abimelex de se na eƒe dukɔ blibo la katã bena: Amesi ke awɔ nane ɖe ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui.


Isak kpɔ kesinɔnuwo, eye Filistitɔwo ʋã ŋui.

12 Eye Isak ƒã nu ɖe anyigba ma dzi eye wòŋe nu le ƒe ma me wòdzi ɖe dzi zi alafa ɖeka sɔŋ, elabena Yehowa yrae.

13 Ale ŋutsu la kpɔ nu gakpɔ nu ɖe dzi, vaseɖe esime woɖo kpo le eme.

14 Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.

15 Vudo, siwo katã fofoa ƒe dɔlawo ɖe le fofoa Abraham ŋɔli la, Filistitɔwo yi ɖaxe wo, eye wole anyi ɖe wo me taŋ.

16 Eye Abimelex gblɔ na Isak bena: Dzo le mía gbɔ, elabena ekpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi akpa!

17 Tete Isak ʋu le afima ɖatu eƒe agbadɔ ɖe Gerar bali me, eye wònɔ afima.

18 Eye Isak na wogaha vudo, siwo woɖe le fofoa Abraham ŋɔli, eye Filistitɔwo va xe wo, le Abraham ƒe ku megbe la me, eye wògatsɔ ŋkɔ na wo, abe alesi fofoa yɔ wòe ene.

19 Eye Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe bali la me, eye wotu tsi dzidzi le afima.

20 Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ bena: Mía tɔe nye; tsi la. Eyata wòna ŋkɔ vudo la be Esek, elabena wowɔ dzre ɖe eta.

21 Eyome la wogaɖe vudo bubu, eye wogawɔ dzre ɖe eya hã ta; eyata wòna ŋkɔe bena Sitma.

22 Eye wòʋu le afima ɖo ta ŋgɔ, eye wòɖe vudo bubu; ke womewɔ dzre ɖe eya ta o; eyata wòna ŋkɔe be Rehobot hegblɔ be: Azɔ Yehowa na nɔƒe mí, bena míakeke ta ɖe anyigba la dzi.

23 Emegbe la eʋu le afima va Beer-Seba.

24 Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.

25 Tete wòɖi vɔsamlekpui heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le afima, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afima. Emegbe Isak fe dɔlawo ɖe vudo ɖe afima hã.

26 Gbe ɖeka Abimelex kple xɔlɔ̃a Ahusat kple eƒe aʋafia Pixol wotso Gerar va egbɔ.

27 Eye Isak gblɔ na wo bena: Nuka ta mieva gbɔnye ɖo, esi mielé fum, eye mienyãm le mia gbɔ?

28 Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò,

29 be nagawɔ vɔ̃a ɖeke mi o, abe alesi miawo hã miewɔ naneke wò o, ke boŋ nyui sɔŋ ko miewɔ na wò, eye miena nedzo le ŋutifafa me la ene, elabena amesi Yehowa yra nènye.

30 Emegbe eɖo kplɔ̃ na wo, woɖu nu, eye wono nu.

31 Esi ŋu ke la, woka atam na wo nɔewo, eye Isak do mɔ wo, eye wodzo le egbɔ le ŋutifafa me.

32 Gbemagbe ke Isak ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ le vudo, si woɖe la ŋuti be: Mieke ɖe tsi ŋu!

33 Eye wòna ŋkɔe be Siba, eyata du la ƒe ŋkɔ nye Beer-Seba vaseɖe egbegbe.


Esau ɖe srɔ̃.

34 Ke esi Esau xɔ ƒe blane la, eɖe Xititɔ Beervii ƒe vinyɔnu Yudit kple Xititɔ Elon ƒe vinyɔnu Basmat.

35 Woawo zu nuxaxa gãa ɖe na Isak kple Rebeka.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan