1 Mose 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abraham ɖe srɔ̃ evelia. 1 Eye Abraham gaɖe srɔ̃, si ŋkɔ nye Ketura. 2 Eya dzi Simran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax nɛ. 3 Yoksan dzi Seba kple Dedan; eye Asuritɔwo, Letusitɔwo kple Leumitɔwo dzɔ tso Dedan me. 4 Eye Midianviwo nye: Efa, Efer, Henox, Abida kple Edaa. Ame siawo katã dzɔ tso Ketura me. 5 Eye Abraham tsɔ eƒe nuwo katã na Isak. 6 Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me. Abraham ƒe ku kple eɖiɖi. 7 Eye ƒe, siwo katã Abraham nɔ agbe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaadre vɔ atɔ̃. 8 Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 9 Eye via Isak kple Ismael woɖii ɖe Maxpela-kpeto la me, le Xititɔ Efron, Zoxarvi ƒe agble, si le Mamre kasa la me. 10 Le agble, si Abraham ƒle le Xitiviwo si la me woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo. 11 Le Abraham ƒe ku megbe la Mawu yra via Isak. Eye Isak nɔ „Agbetɔ, si le kpɔyem la“ ƒe vudo gbɔ. Ismael ƒe dzidzimeviwo. 12 Esiawo nye Abrahamvi Ismael, amesi Egipte-nyɔnu Hagar, Sara ƒe kosi, dzi na Abraham la ƒe dzidzimeviwo. 13 Esiawo nye Ismaelviwo ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeŋkɔwo nu. Nebayot, Ismael ƒe ŋgɔgbevi, Kedar, Adbeel, Mibsam, 14 Misma, Duma, Masa, 15 Xadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedma. 16 Ame siawo nye Ismaelviwo kple woƒe ŋkɔwo. Fia wuieve le woƒe aƒetsotsowo, agbadɔwo kple woƒe dukɔwo nu. 17 Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ. 18 Eye woƒe nɔƒe tso Xawila vaseɖe Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe heɖo ta Asur ke; ale wɔ womimi wo nɔviwo katã ɖo. Esau kple Yakob. 19 Esia nye Abraham vi Isak ƒe dzidzimeŋutinya: Abraham ye dzi Isak. 20 Isak xɔ ƒe blane, esime wòɖe Rebeka, si nye Aramtɔ Betuel tso Mesopotamia ƒe vi kple Aramtɔ Laban ƒe nɔvinyɔnu. 21 Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu. 22 Ke esi ɖeviawo le ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me la, egblɔ bena: Ne ele alea la, nukaŋuti megale agbe ɖo? Eye wòyi ɖabia Yehowa se. 23 Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ! 24 Eye esi eƒe vidziɣi ɖo la, wokpɔ bena, venɔviwoe le eƒe do me. 25 Esi gbãtɔ do la, eŋuti bia hẽ, eye fu le eŋu kedzekedze, eyata woyɔ eƒe ŋkɔ bena Esau. 26 Eyome nɔvia hã do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi; eyata woyɔ eƒe ŋkɔ bena Yakob. Isak xɔ ƒe blaade, eye wòdzi wo. 27 Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob enye ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ. 28 Eye Isak lɔ̃a Esau, elabena adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃a Yakob. Esau dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye. 29 Gbe ɖeka Yakob ɖa nu, eye Esau gbɔ tso gbe me, eye dɔ wui ɖi tsi ɖe eŋu. 30 Tete Esau gblɔna Yakob bena: Na nu dzia ɖem maɖu, elabena ɖɔ wum ɖi tsi ɖe ŋunye. Eyata woyɔ eƒe ŋkɔ be Edom. 31 Yakob ɖo ŋu nɛ be: Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye ƒle nam gbã gbɔ. 32 Tete Esau gblɔ be: Mele kuku ge tso, nuka gɔ̃ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam? 33 Eye Yakob gblɔ be: Ka atam ƒu dzi nam gbɔ! Tete wòka atam nɛ, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒle na Yakob. 34 Eye Yakob tsɔ abolo kple bɔbɔ na Esau. Tete wòɖu nu no nu, eye wòtso dzo. Ale wo, eye Esau do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye enye esi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana