Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ɖo Abraham kpɔ.

1 Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!

2 Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi!

3 Tete Abraham tɔ ŋdi kanya, bia akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la.

4 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Abraham wu mo dzi kpɔ teƒe la le adzɔge ɖa ʋĩ.

5 Tete Abraham gblɔ na dɔlawo bena: Mitsi afisia kple tedzi la; ke mía kple vinye la míayi afime aɖado gbe ɖa, emegbe míagatrɔ ava mia gbɔ.

6 Eye Abraham tsɔ numènake la ɖo la na via Isak, ke eya ŋutɔ ɖe dzo, eye wòɖo hɛ asi; ale wo kpakple eve woyi.

7 Tete Isak gblɔ na fofoa Abraham bena: Fofonye! Eɖo ŋu ne bena: Nye enye si, vinye! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dzo kple nake enye si, ke afika alẽ le miatsɔ ame nui?

8 Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ.

9 Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.

10 Eye Abraham do asi ɖa tsɔ hɛ, be yeawu via.

11 Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!

12 Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.

13 Tete Abraham fɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, agboa ɖe nye ekem, si ƒe dzowo ku aveka le emegbe, eye Abraham yi ɖalé agbo la hetsɔ mè nui ɖe via teƒe.

14 Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Mawu ɖo kpe ŋugbedodo la dzi.

15 Eye Yehowa ƒe dɔla gayɔ Abraham zi evelia tso dziƒo

16 hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la,

17 eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.

18 To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.

19 Emegbe Abraham gatrɔ va eƒe dɔlawo gbɔ, eye wodze mɔ yi Beer-Seba, eye Abraham nɔ Beer-Seba.


Nahor ƒe dzidzimeviwo.

20 Le nya siawo megbe la Abraham se bena, Milka hã dzi ŋutsuviwo na nɔvia Naxor.

21 Woƒe ŋkɔwo nye: Uz, eƒe ŋgɔgbevi, kple nɔvia Bus, Kemuel, amesi me Aramtɔwo dzɔ tso,

22 Kesed, Haso, Pildas, Yidlaf kple Betuel.

23 Eye Betuel dzi Rebeka. Ame enyi siawo Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi.

24 Eye srɔ̃ evelia ŋkɔ nye Rehuma, eya hã dzi Tebax, Gaham, Tahas kple Maxa nɛ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan