1 Mose 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Isak dzidzi. 1 Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene. 2 Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi. 3 Eye Abraham yɔ ŋutsuvi, si Sara dzi nɛ la ƒe ŋkɔ bena Isak. 4 Esi via Isak xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa ne, abe alesi Yehowa de se nɛ ene. 5 Ke Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka, esime wodzi via Isak nɛ. 6 Eye Sara gblɔ bena: Mawu do nukokoe nam, eye amesiame, si asee la, ako nu le ŋutinye. 7 Eye wògblɔ bena: Ameka susu le Abraham ŋuti bena, Sara ana no viwò mahã? Elabena medzi ŋutsuvi nɛ le eƒe amegãkuku me. 8 Eye ɖevi la tsi, eye wòɖi no, eye gbesigbe Isak ɖi no la, Abraham ɖo kplɔ̃ gãa ɖe. Ismael kple dada nyanyã. 9 Ke esi Sara kpo bena, Egipte-nyɔnua Hagar ƒe vi, si wòdzi na Abraham, lɔ̃a gaflumuwɔwɔ la, 10 egblɔ na Abraham bena: Nyã kosi sia kple via ɖa; elabena kosi sia ƒe vi mate ŋu anyi dome kple vinye Isak o. 11 Ke nya la medze Abraham ŋu o le viaŋutsu la ta. 12 Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara le nusianu, si wodi tso gbɔwò la me, elabena Isak me wò dzidzime-viwo adzo tso. 13 Ke mana dukɔ nadzo tso kosi la ƒe vi hã me, elabena viwoe. 14 Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi. 15 Esi lãgbalẽgolo me tsi la vɔ la, etsɔ ɖevi la yi ɖamlɔ ati dodoea ɖe te, 16 eye wòyi ɖabɔbɔ na ɖevi la kasa le adzɔge boo, wo dome didi abe aŋutrɔ ƒe duɖiɖi me ene; elabena egblɔ bena: Nyemate ŋu akpa ɖevi la ƒe kuƒe o. Eyata wòyi ɖabɔbɔ no adzɔge boo ɖo; tete ɖevi la de asi avifafa me sesĩe. 17 Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle. 18 Tsi tre, yi ɖakɔ ɖevi la, eye nalée ɖe asi, elabena mana woazu dukɔ gãa ɖe. 19 Tete Mawu ʋu eƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ tsivudoa ɖe. Enumake woyi ɖaku tsi ɖe lãgbalẽgolo la me taŋ, eye wòna ɖevia wono. 20 Eye Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi, eye wònɔ gbe dzi hezu aŋutrɔdala. 21 Eye wònɔ Paran-gbe dzi, eye dada ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte-nyigba dzi. Abraham bia nu kple Abimelex. 22 Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me. 23 Azɔ ka atam le Mawu ƒe ŋku me le afisia be, nagable nye ŋutɔ, vinyewo kple nye dzidzimeviwo o! Abe alesi meve nu wòe ene la, nenema ke wò hã nawɔ nam kple anyigba, si dzi nènye amedzro le la! 24 Eye Abraham gblɔ bena: Melɔ̃, maka atam la. 25 Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo, si eƒe dɔlawo xɔ sesẽe la ŋuti. 26 Abimelex xɔ edzi ne bena: Nyemenya amesi wɔ nu sia o, eye wò hã mègblɔ nyaa ɖeke le eŋuti nam kpɔ o, egbe ko hafi nye hã mese nyaa ɖe le eŋu. 27 Tete Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Abimelex, eye wo kple eve wòbia nu. 28 Ke Abraham ɖe alẽvi adre ɖo vovo. 29 Eye Abimelex bia Abraham be: Alẽvi adre, siwo neɖo vovo la gome ɖe? 30 Eɖo ŋu nɛ bena: Alẽvi adre siawo naxa le asinye, ne wòanye ɖase nam bena, nyee ɖe vudo sia. 31 Eyata woyɔ teƒe ma bena: Beer-Seba, elabena afima wo ame eve la woka atam na wo nɔewo le. 32 Eye esi wòbia nu le Beer-Seba la, Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wodze mɔ gatrɔ yi ɖe Filistitowo ƒe anyigba dzi. 33 Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima. 34 Ke Abraham nye amedzro le Filistitowo ƒe anyigba dzi eteƒe didi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana