Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Abimelex na wokplɔ Sara vɛ nɛ.

1 Eye Abraham ʋu le afima yi ɖe dziehenyigba dzi heva nɔ Kades kple Sur dome, eye wònɔ Gerar vie?

2 Eye Abraham gblɔ le srɔ̃a Sara ŋuti bena, ye nɔvinyɔnue; eyata Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ na ye.

3 Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.

4 Ke Abimelex meɖe asi eŋu haɖe o, eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ame maɖifɔwo hãe nawua?

5 Alo menye eya ŋutɔ gblɔ nam bena, ye nɔvinyɔnue, eye nyɔnua hã gblɔ nam bena, ye nɔviŋutsue oa? Nye dzime kɔ, eye nye asi dza le ekpɔkplɔme.

6 Tete Mawu gblɔ nɛ le drɔ̃eƒe bena: Nye hã menyae bena, wò dzime kɔ le ewɔwɔ me; eyata metso wò xɔ ɖo, be nagade asi eŋu ahawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye o.

7 Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.

8 Esi Abimelex fɔ ŋdi la, eya eƒe dɔlawo katã vɛ heto nya siawo katã na wo, eye ŋutsuawo vɔ ŋutɔ.

9 Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.

10 Eye Abimelex gagblɔ na Abraham bena: Nukae nèɖo ɖe ŋunye, hafi wɔ nu sia?

11 Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.

12 Evɔ, nyateƒe, nɔvinyenyɔnue; elabena fofonye vie, gake menye danye vie o, eye meɖee.

13 Esi Mawu gblɔ nam bena, maʋu le fofonye ƒe me ayi dzronyigba dzi la, eya me kee megblɔ nɛ bena: Ve nunye, eye afisiafi, si míava la, nagblɔ bena, ye nɔvi ŋutsu menye.


Abimelex na wogakplɔ Sara vɛ na Abraham kple nunanawo.

14 Tete Abimelex tso alẽwo, nyiwo, kluviwo kple kosiviwo na Abraham, eye wògagbugbɔ srɔ̃a Sara hã nɛ.

15 Eye Abimelex gblɔ bena: Nye anyigba enye si, no afisiafi, si nyo ŋuwò.

16 Eye wògblɔ na Sara bena: Kpɔ ɖa, metso afia na wò, eye metsɔ klosalo akpe ɖeka na nɔviwò heɖe ŋukpe le mo na wò le gbɔwò viwo katã ŋku me.

17 Eye Abraham ɖe kuku na Mawu ɖe Abimelex kple srɔ̃a kple atsusiawo katã ta, eye wòyɔ dɔ wo, bena woate ŋu adzi vi.

18 Elabena Yehowa xe nyɔnu, siwo katã le Abimelex ƒe me la ƒe vidzidɔ le Sara, Abraham srɔ̃ la ta.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan