Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sabat

1 Ale wowu dziƒo kple anyigba kple wo me nu gbogboawo katã nu enye si.

2 Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me.

3 Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.


Amegbetɔ le Paradiso.

4 Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo.

5 Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o.

6 Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me.

7 Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.

8 Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.

9 Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina.

10 Eye tɔsisia ɖe do tso Eden, be woade tsi abɔ la; eye tso afima wòdze ɖe alɔ ene me.

11 Gbãtɔ ŋkɔ nye Pison; eƒo xlã Xawila-nyigba blibo la katã; afima sika le;

12 eye anyigba sia ƒe sika nyo ŋutɔ; afima bedolax- kple soham-kpe hã le.

13 Tɔsisi evelia ŋkɔ nye Gixon; eƒo xlã Kus-nyigba blibo la katã.

14 Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔ nye Xidekel; esi to Asur ƒe ɣedzeƒe gome. Eye tɔsisi enelia nye Frat.

15 Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eɖen-bɔ me, be woaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.


Mawu fe sedede.

16 Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa;

17 ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.

18 Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.

19 Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ.

20 Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o.


Nyɔnuwɔwɔ.

21 Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe.

22 Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe.

23 Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.

24 Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.

25 Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan