Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Sodomtɔwo ƒe nu tovo wɔwɔ.

1 Mawudɔla eveawo va ɖo Sodom le fiẽ me, eye Lot bɔbɔ nɔ Sodom gbɔ nu. Ke esi Lot kpɔ wo la, etsi tre yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.

2 Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.

3 Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.

4 Ke esi womekpɔ mia anyi haɖe o la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo, keke dua ƒe mlɔenutɔwo ke hã va, eye woɖe to ɖe aƒe la.

5 Tete wodo ɣli yɔ Lot gblɔ bena: Afika ŋutsu, siwo va gbɔwò egbe fiẽ la le? Kplɔ wo do go va mía gbɔe, ne míanya wo.

6 Eye Lot do go yi wo gbɔ le agbo la godo, eye wòtu ʋɔ ɖewo nu.

7 Eye wògblɔ bena: Nɔvinyewo, migawɔ nu baɖa o!

8 Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo.

9 Eye wodo ɣli ɖe eta gblɔ bena: Te ɖa afia! Wò amedzro ɖeka hã sia, si va dze mía gbã la, nanɔ ɖokuiwò wum amegãe alea? Azɔ la miawo vo ɖe wòa ŋuwò wu woawo gɔ̃. Eye wonyẽ zi ɖe Lot dzi gbidigbidi, be yewoagbã ʋɔa.

10 Ke ŋutsuawo do abɔ ɖa he Lot va wo ɖokui gbee le aƒea me, eye wotu ʋɔa.

11 Eye wotsɔ ŋkuagbã ƒo ŋutsu, siwo le xexe le ʋɔtrua nu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ale bena ɖeɖi koe te wo ŋu dzodzro le ʋɔtrua nu didi me.


Lot ɖeɖe.

12 Eye ŋutsuawo gblɔ na Lot bena: Amea ɖewo gale asiwò le afisia? Kplɔ towòwo kple viwònyɔnuwo kple tɔwo to, siwo katã le dua me la, do go tso teƒe sia.

13 Miele teƒe sia tsrɔ̃ ge, elabena dodo ɖe wo ta ɖi ɖe Yehowa ƒe to me; eyata Yehowa ɖo mí ɖa, bena míatsrɔ̃e.

14 Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.

15 Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o!

16 Ke esi wòle tɔtrɔm la, ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu.

17 Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!

18 Ke Lot gblɔ bena: O, Aƒetɔ, meganɔ nenema o!

19 Kpɔ ɖa, ève wò ɖɔla nu xoxo, eye wò amenuveve, si nètsɔ ve nunye be, megale agbe la, esɔ gbã. Gake ɖewo nyemate ŋu asi ade toa dzi, hafi gbegblẽ la nava tum, eye maku o mahi.

20 Kpɔ ɖa, dua ɖe nye kem tsɔ ɖe mía gbɔ, ne masi ayi ɖe afima. Du suea ɖe ko wònye; eyata na mɔm, nemasi ayi ɖe eme, bena matsi agbe! Alo menye du suea ɖe ko wònye oa?

21 Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia me hã meɖo to wò, eye nyemagblẽ du, si nẽwɔnɛ la o.

22 Ɖe abla yi afima kaba; elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, vaseɖe esime naɖo afima. Eyata woyɔa ɖu la be Zoar.

23 Eye ɣe dze, hafi Lot de Zoar.


Sodom tsɔtsrɔ̃.

24 Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.

25 Eye wotsrɔ̃ du siawo kple nuto ma me katã; dua me nɔlawo tsrɔ̃, eye nusiwo miena ɖe anyigba dzi hã gblẽ.

26 Ke srɔ̃a nye kɔ kpɔ megbe, eye wòzu dzekɔ.

27 Eye Abraham fɔ ŋdi kanya yi ɖe teƒe, si wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe ŋku me le tsã la.

28 Eye esi wòkpɔ Sodom kple Gomora kple afima nutowo katã me le abu me ɖa la, kpo ɖa, dzudzɔ gãa ɖe le dzi dem tso anyigba la dzi abe aŋɔɖaƒe ene.

29 Esi Mawu tsrɔ̃ nuto ma me duawo la, eɖo ŋku Abraham dzi, eye wòɖe Lot hekplɔe tso ɖu, siwo me Lot nɔ la ƒe gbegblẽ me.


Lot vinyɔnuwo wɔ nuvɔ̃.

30 Eye Lot kple vianyɔnu eveawo dzo le Zoar yi ɖanɔ to la dzi, elabena ele Zoar nɔnɔ vɔ̃m, eye woa kple vianyɔnu eveawo va no agadoa ɖe me.

31 Eye tsitsitɔ gblɔ na ɖevitɔ bena: Mía fofo tsi, eye ŋutsua ɖeke megale anyigba dzi aɖe mí le amegbetɔwo ƒe kɔ la nu o.

32 Va míana wein mia fofo wòano, eye míadɔ egbɔ, ne wòado fu mi míadzi vi.

33 Tete wona wein wo fofo le zã ma me wono, eye tsitsitɔ yi ɖamlɔ fofoa gbɔ; ke eya menya naneke le eƒe egbɔ mɔmlɔ kple fɔfɔdzo ŋuti o.

34 Esi ŋu ke la, tsitsitɔ la gblɔ na ɖevitɔ bena: Eto ƒe zã la memlɔ fofonye gbɔ. Míagana wòano wein egbe ƒe zã hã; ekema wò hã nayi aɖamlɔ egbɔ, bena mía fofo nado fu mí míadzi vi.

35 Eye le zã sia me hã wona wein wo fofo wono, eye ɖevitɔ hã yi ɖamlɔ egbɔ; ke eya menya naneke le eƒe egbɔ mɔmlɔ kple fɔfɔdzo ŋuti o.

36 Ale wɔ Lot ɖo fu vianyɔnu eveawo.

37 Eye tsitsiwo dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Moab; eya nye egbegbe Moabitɔwo tɔgbui.

38 Eye ɖevitɔ hã dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ ne be Ben-Ami, eya nye Amonitɔwo tɔgbui.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan