1 Mose 18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yehowa, ɖe eɖokui fia Abraham. 1 Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me. 2 Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi. 3 Tete wògblɔ bena; Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema megato wò dɔla ŋu yi o. 4 Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie, 5 eye matsɔ abolo via ɖe vɛ, ne míado ŋusẽ mia ɖokui hafi adzo; elabena esia ta mieva to miaƒe dɔla gbɔ ɖo. Eye woxɔ dzi bena: Wɔ, abe alesi negblɔ ene! 6 Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii. 7 Eye Abraham ƒu ɖu yi ɖe nyiwo dome, eye wòlé nyivi nyuia ɖe tsɔ na eƒe dɔla wòɖawu enumake, eye wòmee wòbi nyuie. 8 Eye wòtsɔ notsi kpekẽtɔ kple notsi tsrolotɔ hekpe ɖe nyilã memee la ŋu va ɖo wo kɔme; ke eya ŋutɔ tsitre ɖe wo gbɔ le atia te, esime wole nua ɖum. Yehowa gado Isak ŋugbe na Abraham. 9 Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me. 10 Eye wògblɔ nɛ bena: Le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si. Ke Sara le agbadɔ nu le emegbe le esem. 11 Eye Abraham kple Sara wotsi xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, ale bena Sara megaléa gbe gɔ̃ hã o. 12 Tete Sara ko nu ɖe dɔ me gblɔ bena: Esi metsi lé ayi ale la, ɖe nu agavivi nunyea? Eye ye aƒetɔ hã ku amegã ɖeɖi! 13 Tete Yehowa gblɔ na Abraham bena: Nukaŋuti Sara le nu kom le susum bena: Nye amesi ku nyagã la, magate ŋu adzi via? 14 Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si. 15 Tete Sara sẽ nu gblɔ bena: Nyemeko nu o; elabena ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ ne bena: O, èko nu tso! Sodom gbegblẽ gbɔgblɔɖi. 16 Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa. 17 Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham, 18 esi wònye Abraham ava nye dukɔ gã sẽŋua ɖe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã le eme laa? 19 Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham. 20 Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa. 21 Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya. Abraham ɖo kuku ɖe Sodom ta. 22 Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko. 23 Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã? 24 Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã? 25 Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa? 26 Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom-dua me la, ekema màtsɔe ake teƒe blibo la le woawo la. 27 Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ! 28 Ɖewohi ame atɔ ato le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ me; le ame atɔ ta la, ɖe atsrɔ̃ ɖu blibo la katã mahã? Eɖo ŋu be: O, ne makpɔ ame blane vɔ atɔ̃ le eme la, nyematsɔe o. 29 Eye wògayi dzi ƒo nu kplii gblɔ bena: Ɖewohĩ woakpɔ ame blane le eme. Eɖo ŋu be: Le ame blane ta nyemawòe o. 30 Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, megabi dzi be, megale nu ƒo ge o loo! Ɖewohi woakpɔ ame blaetɔ̃ le eme. Eɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame blaetɔ̃ le eme la, nyemawɔe o. 31 Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, medo dzi be, maƒo nu kpli wò Aƒetɔ. Ɖewohi woakpɔ ame blave le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame blave ta nyematsrɔ̃ wo o. 32 Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o. 33 Ke esi Yehowa wu nuƒoƒo kple Abraham nu la, edzo; eye Abraham hã trɔ yi aƒe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana