1 Mose 17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Abram xɔ ŋkɔ bena Abraham. 1 Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo! 2 Eye nye nubabla nanɔ mia kpli wò dome, eye mana nasɔ gbɔ ɖe edzi. 3 Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii bena: 4 Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo. 5 Eyata womagayɔ wò bena Abram akpɔ o, ke boŋ Abraham anye wò ŋkɔ. Elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe. 6 Eye mana nadzi ɖe dzi ŋutɔ, eye dukɔwo kple fiawo adzɔ tso mewo. 7 Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee. 8 Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo. Aʋatsotso nubabla. 9 Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Ke wò la lé ye nubabla la me ɖe asi; wò ŋutɔ kple megbewòviwo katã milé ye nubabla la me ɖe asi! 10 Nye nubabla, si le mia kpli mi kple megbewòviwo dome, si me dim mele be, mialé ɖe asi la, enye esi: Woatso aʋa na ŋutsu sia ŋutsu le mia dome! 11 Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, eye esia anye mia kple mia dome nubabla la ƒe dzesi. 12 Ne ŋutsuvia ɖe xɔ ŋkeke enyi le miaƒe ƒome sia ƒome me la, woatso aʋa nɛ; eɖanye aƒevi alo ame ƒeƒle, si menye tɔwò dzidzia o. 13 Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, eye wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee. 14 Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la. Sarai xɔ ŋkɔ bena Sara. 15 Eye Mawu gagblɔ na Abraham bena: Megayɔ srɔ̃wò Sarai bena Sarai azɔ o, ke boŋ Sara anye eƒe ŋkɔ. 16 Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada. 17 Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã? 18 Eye Abraham gblɔ na Mawu bena: Ismael netsi agbe na wò ko! Mawu ɖo Isak ŋugbe na Abraham. 19 Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee. 20 Ke le Ismael to gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayrae, eye mana wòadzi, eye wòasɔ gbɔ ɖe dzi. Adzi fia wuieve, eye mawɔe wòazu dukɔ gãa ɖe. 21 Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la. 22 Esi Mawu wu eƒe nuƒoƒo nu kplii la, edzo yi dzi le Abraham gbɔ. 23 Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene. 24 Abraham xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke, hafi wotso aʋa nɛ, 25 eye via Ismael xɔ ƒe wuietɔ̃ hafi wotso aʋa nɛ. 26 Gbe ɖeka ma ke wotso aʋa na Abraham kple via Ismael. 27 Eye eƒe me ŋutsuwo katã, amesiwo wodzi le eƒe me, kple dzrovi, siwo woƒle kple ga la, wotso aʋa kpe ɖe eŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana