1 Mose 15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu do vi ŋugbe na Abram. 1 Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ. 2 Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama? 3 Eye Abram gblɔ bena: Mèna vim o, eye kpɔ ɖa, nye aƒedzikpɔla anyi ye dome. 4 Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome. Abram ƒe xɔse. 5 Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ. 6 Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee. Mawu bia nu kple Abram. 7 Eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Yehowa, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, bena matsɔ anyigba sia na wò, ne wòanye wò domenyinu. 8 Ke egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ Yehowa, nuka me madze sii le bena, màtsɔe anyi domee mahã? 9 Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Lé nyinɔ, si xɔ ƒe etɔ̃, gbɔnɔ, si xɔ ƒe etɔ, agbo, si xɔ ƒe etɔ̃, akpakpa kple ahɔne ve nam! 10 Tete wotsɔ nu siawo katã vɛ nɛ hefe wo me, eye wòɖo akpa afafãawo ɖe agbaka eve me ɖewo nɔewo gbɔ; ke mefe xeawo ya me o. 11 Tete xe ƒonuwo va dze ɖe lãwo dzi, ke Abram nyã wo ɖa. 12 Esi ɣe le to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye kpɔ ɖa, vɔvɔ̃ lée, eye tsizi do ɖee. 13 Eye wògblɔ na Abram bena: Nyae, naganyae bena, wò dzidzimeviwo anye amedzrowo le anyigbaa ɖe, si menye wo tɔ o la dzi, eye woasubɔ anyigba ma dzi tɔwo, eye woamawo ate wo ɖe anyi ƒe alafa ene sɔŋ. 14 Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe. 15 Ke wò la ayi ɖe tɔgbuiwòwo gbɔ le ŋutifafa me, eye àku amegã belibeli hafi àku. 16 Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o. 17 Eye wòva ve me bena, esime ɣe ɖo to, eye viviti do la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le dodom le kpɔa ɖe me kɔlikɔli, eye dzo ƒe ade le dzi dem le lãwo domee. 18 Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana: 19 Kenitɔwo, Kinizitɔwo, Kadmonitɔwo, 20 Xititɔwo, Perizitɔwo, Refaitɔwo, 21 Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana