Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fiawo ƒe aʋawɔwɔ.

1 Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia,

2 wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia.

3 Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.

4 Fe wuieve sɔŋ wosubɔ Kedorlaomer; ke le ƒe wuietɔ̃lia me la wodze aglã.

5 Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe

6 kple Xoritɔwo le woƒe to Seir dzi vaseɖe El-Paran, si te ɖe gbedzi lɔƒo.

7 Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã.

8 Tete Sodom-fia, Gomora-fia, Adma-fia, Zeboyim-fia kple Bela-alo Zoar-fia woho, eye wodze aʋa ɖe Sidim-gbadzaƒe

9 ɖe Kedorlaomer, Elam-fia, Tideal, Goyim-fia, Amrafel, Sinear-fia, kple Ariok, Elasar-fia ŋuti; fia ene tsitre ɖe fia atɔ̃ ŋuti.

10 Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi.

11 Eye woha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã hedzoe.

12 Eye wole Lot, Abram ƒe tɔgãyovi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe.


Abram ɖe Lot.

13 Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.

14 Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.

15 Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe.

16 Eye wògaxɔ kesinɔnuawo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuawo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti.

17 Azɔ esi woɖu Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna va aƒe la, Sodom-fia va kpee le Sawebali me, si woyɔna be fiabali me la me.


Melxizedek yra Abram.

18 Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla.

19 Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!

20 Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne.

21 Eye Sodom-fia gblɔ na Abram bena: Tsɔ ameawo nam, ne kesinɔnuawo nasusɔ na wò!

22 Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la

23 bena, nyemaxɔ naneke atso nusiwo katã nye tɔwo la me o, ka loo, alo atokotaka gɔ̃ hã o, bena nagagblɔ bena, yee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ o!

24 Nyemele naneke dim o, negbe nusi ɖekakpuiawo ɖu, kple ŋutsu, siwo yi kplim, Aner, Eskol kple Mamre ƒe gome la ko woawo naxɔ wo tɔ gome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan