1 Mose 11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Matutu ɖe Babel. 1 Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu. 2 Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima. 3 Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo. 4 Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o! 5 Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa. Mawu tɔtɔ amewo ƒe gbe. 6 Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o. 7 Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o! 8 Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ ɖu la tsotso. 9 Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta. Dzidzime xexlẽfia tso Sem dzi vaseɖe Abram dzi. 10 Esia nye Sem ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esime Sem xa ƒe alafa ɖeka la, edzi Arpaxsad, le ƒe evelia me le tsiɖɔɖɔ la megbe. 11 Esi Sem dzi Arpaxsad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 12 Esi Arpaxsad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Selax. 13 Eye esi Arpaxsad dzi Selax megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 14 Esi Selax xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber. 15 Eye esi Selax dzi Eber megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 16 Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ ene la, edzi Peleg. 17 Eye esi Eber dzi Peleg megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple blaetɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 18 Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Regu. 19 Eye esi Peleg dzi Regu megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve kple asieke, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 20 Esi Regu xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve la, edzi Serug. 21 Eye esi Regu dzi Serug megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 22 Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Naxor. 23 Eye esi Serug dzi Naxor megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 24 Esi Naxor xɔ ƒe blave vo asieke la, edzi Tarax. 25 Eye esi Naxor dzi Tarax megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasieke, eye wodzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 26 Eye esi Tarax xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Naxor kple Haran. 27 Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot. 28 Ke Haran tre kuku na fofoa Tarax le Kaldea-nyigba dzi le wo de Ur. 29 Eye Abram kple Naxor woɖe srɔ̃; Abram srɔ̃ ŋkɔ nye Sarai, eye Naxor srɔ̃ ŋkɔ nye Milka, amesi nye Haran, Milka kple Yiska fofo ƒe vinyɔnu. 30 Ke Sarai tsi ko, vi mele esi o. 31 Eye Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai, via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene wòayi Kanaan-nyigba dzi Ke esi wova Xaran la, wònɔ afima. 32 Eye Tarax ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa eve kple atɔ̃, eye Tarax ku le Xaran. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana