Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Mose 10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dzidzime xexlefia.

1 Esia nye Noa viŋutsuwo, Sem, Xam kple Yafet ƒe dzidzimeviwo ŋutinya: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la wodzi ŋutsuviwo na wo.

2 Yaƒet viŋutsuwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras.

3 Gomer viŋutsuwo nye: Askenaz, Rifat kple Togarma.

4 Yawan viŋutsu wo nye: Elisa, Tarsis, Kititowo kple Dodanitɔwo.

5 Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.

6 Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.

7 Kus viŋutsuwo nye: Seba, Xawila, Sabta, Rama kple Sabtexa; Raema viŋutsuwo nye Seba kple Dedan.

8 Kus dzi Nimrod; ame sia de asi gãɖuɖu me le anyigba dzi.

9 Ame sia enye adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wogblɔna bena: Adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me abe Nimrod ene.

10 Eƒe fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖoɖo enye Babel, Erek, Akad kple Kalne le Sinear-nyigba dzi.

11 Eye wòʋu le anyigba sia dzi yi ɖe Asur, eye wotso Niniwe, Rexobot-Ir, Kalax

12 kple Resen le Niniwe kple Kalax dome, esia enye du gãtɔ.

13 Eye Mizrayim dzi Luditɔwo, Anamitɔwo, Lehabitɔwo, Naftuxitɔwo,

14 Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo, amesiwo dome Filistitɔwo dzɔ tso, kple Kaftoritɔwo.

15 Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,

16 Yebusitɔwo, Amoritɔwo kple Girgasitɔwo,

17 Xiwitɔwo, Arkitɔwo kple Sinitɔwo,

18 Arwatitɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo; emegbe Kanaan ƒe ƒome va keke ta ɖe dzi.

19 Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.

20 Esiawo nye Xam-viwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.

21 Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ.

22 Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.

23 Aram viŋutsuwo nye: Uz, Xul, Geter kple Mas.

24 Arpaxsad dzi Selax, eye Selax dzi Eber.

25 Eye wodzi ŋutsuvi eve na Eber. Gbãtɔ ŋkɔ nye Peleg; elabena amegbetɔwo mã le eƒe ŋɔli me, eye nɔvia ŋkɔ nye Yoktan.

26 Yoktan dzi Almodad, Salep, Xazarmawet, Yarax,

27 Hadoram, Uzal, Dikla,

28 Obal, Abimael, Seba,

29 Ofir, Xawila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan viŋutsuwo.

30 Eye woƒe nɔƒe keke tso Mesa ɖo ta Safar vaseɖe ɣedzeƒetowo gbɔ.

31 Esiawo nye Sem viŋutsuwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.

32 Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan