1 Kronika 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yerusalem nɔlawo. 1 Israel blibo la na woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖi; kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe agbalẽ me. Ke wokplɔ Yuda yi Babel le woƒe nuteƒe mawɔmawɔ ta. 2 Amesiwo no woƒe anyigba dzi le woƒe duwo me gbã, wonye: Israel nunɔlawo, Lewi viwo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo. 3 Eye amewo tso Yuda-viwo, Benyamin-viwo, Efrayim-viwo kple Manase-viwo dome no Yerusalem. 4 Utai, Amihud vi, amesi nye Omri vi, amesi nye Imri vi, amesi nye Bani vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome. 5 Amesiwo tso Silontɔwo dome, wonye: Asaya, amesi nye ŋgɔgbevi, kple viawo. 6 Amesiwo tso Serax viwo dome, wonye Yeuel kple nɔviawo, wole ame alafa ade kple blaasieke. 7 Amesiwo tso Benyamin-viwo dome, wonye: Salu, Mesulam vi, amesi nye Hodaya vi, amesi nye Hasenua vi; 8 Yibneya, Yeroxam vi, kple Ela, Uzi vi, amesi nye Mixri vi; Mesulam, Sefatya vi, amesi nye Reguel vi, amesi nye Yibneya vi, 9 kpakple nɔviawo le woƒe ƒomewo nu; wole ame alafa asieke kple blaatɔ̃ vɔ ade. Amesiawo katã nye woƒe aƒekɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo. 10 Amesiwo tso nunɔlawo dome, wonye: Yedaya, Yoyarib, Yaxin, 11 Azarya, Xilkiya vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Merayot vi, amesi nye Axitub vi; eya nye amegã le Mawu ƒe aƒe la nu; 12 Adaya, Yeroxam vi, amesi nye Pasxur vi, amesi nye Malxiya vi; Maesai, Adiel vi, amesi nye Yaxzera vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Mesilemit vi, amesi nye Imer vi, 13 hekpe ɖe wo noviwò ŋu. Woawo nye woƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo; wole ame akpe ɖeka alafa adre kple blaade, amesiwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe la ƒe dɔwo wɔwɔ me. 14 Amesiwo tso Lewi-viwo dome, wonye: Semaya, Xasub vi, amesi nye Azrikam vi, amesi nye Xasabya vi tso Merari viwo dome; 15 Bakbakar, Xeres, Galal kple Matanya, Mixa vi, amesi nye Zixri vi, amesi nye Asaf vi; 16 Obadya, Semaya vi, amesi nye Galal vi, amesi nye Yedutun vi, kple Berexiya, Asa vi, amesi nye Elkana vi, amesi nɔ Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me. Kɔkɔeƒe me dɔwɔlawo. 17 Agbonudzɔlawo nye: Salum, Akub, Talmon, Aximan kple wo nɔviwò. Salum enye tatɔ. 18 Ele fia ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome vaseɖe fifi. Amesiawo nye Lewi-viwo ƒe asaɖa ƒe agbonudzɔlawo. 19 Salum, Kore vi, amesi nye Ebyasaf vi, amesi nye Korax vi, kple nɔvia, siwo tso eƒe aƒekɔ la me; wotsɔ do la de asi na Korax viwo, be woadzo agbadɔ la ƒe kpui nu, abe alesi wo fofowo nye mɔnudzɔlawo le Yehowa ƒe asaɖa la me ene. 20 Tsã la Pinexas, Eleazar vi, nye amegã ɖe wo nu, eye Yehowa na kplii? 21 Zaxarya, Meselemya vi, enye agbonudzɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu. 22 Amesiawo katã, siwo wolia hena kpuinudzɔdzɔ la, le ame alafa eve kple wuieve; woŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe kɔƒewo me, eye Dawid kple nukpɔla Samuel wonye amesiwo tso wo de woƒe do la me. 23 Woawo kple wo viwo dzɔ Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo kple agbadɔ la ƒe xɔa nu. 24 Agbonudzɔlawo le akpa eneawo dzi, le ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe. 25 Eye wo nɔviwo tsoa woƒe kɔƒewo me vana ŋkeke adreadre, ne woakpe asi ɖe eŋu na wo ti; 26 elabena agbonudzɔlawo ƒe amegã eneawo ɖo dɔ la me ɖikaa; wonye Lewi-viwo, eye wokpɔa Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒeawo dzi. 27 Wotsia Mawu ƒe aƒe la nu dona, elabena woawoe nye dzɔlawo, eye woƒe dɔ enye agboawo ʋuʋu ŋdi sia ŋdi. 28 Wotsɔ dɔwɔnuawo de wo dometɔa ɖewo si, be woatsɔ wo ava emee dedie, eye woatsɔ wo ado goe dedie. 29 Wotsɔ nuawo katã, siwo nye nu kɔkɔeawo, wo memee, wein, ami, dzudzɔʋeʋẽedonu kple atike ʋeʋẽeawo de asi na wo dometɔa ɖewo. 30 Eye nunɔlawo ƒe viwo dometɔa ɖewo tsɔa atike ʋeʋẽe ɖaa ami sisi la. 31 Wotsɔ nusiwo wotɔna le agba me la, de Matitya si ɖikaa, etso Lewi-viwo dome, eye wònye Korax vi Salum ƒe ŋgɔgbevi. 32 Eye wotsɔ Kehat viwo, siwo tso wo nɔviwo dome la, ɖo ŋkumeɖobolo la nu, ne woadzrae ɖo le dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe dzi. 33 Amesiawo nye hadzilawo, siwo nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, amesiwo mewɔa da bubua ɖeke le woƒe aƒewo me o, elabena do le wo si ŋkeke kple zã. 34 Amesiawo nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo le woƒe ƒomewo nu; woawo nye amesiwo nɔ Yerusalem. Gibeon nɔlawo kple Saul ƒe aƒe. 35 Amesiwo nɔ Gibeon, wonye: Gibeon fofo Yeuel; srɔ̃a ŋkɔ nye Maaxa; 36 eƒe vi ŋgɔgbea nye Abdon, Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, 37 Gedor, Axyo, Zaxarya kple Miklot. 38 Miklot dzi Simeam, eye eya kple nɔviawo hã nɔ wo nɔviwò kasa le Yerusalem. 39 Ner dzi Kis, eye Kis dzi Saul. Saul dzi Yonatan, Malxisua, Abinadab kple Esbaal. 40 Yonatan ƒe vi nye Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa. 41 Mixa viwo nye: Piton, Melex kple Taxrea. 42 Axaz dzi Yarea, eye Yarea dzi Alemet, Azmawet kple Zimri; eye Zimri dzi Moza. 43 Moza dzi Binea, eya ƒe, vi nye Refaya eya ƒe vi nye Azel. 44 Azel dzi vi ade, woƒe ŋkɔwo nye: Azrikam, si nye eƒe ŋgɔgbea, Ismael, Searya, Obadya kple Xanan; amesiawo nye Azel viwo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana