Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ruben ƒe dzidzimeviwo.

1 Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.

2 Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.

3 Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo nye: Henox. Palu, Xezron kple Karmi.

4 Yoel viwo nye Semaya, eya ƒe vi nye Gog, eya ƒe vi nye Simei,

5 eya ƒe vi nye Mixa, eya ƒe vi nye Reaya, eya ƒe vi nye Baal,

6 eya ƒe vi nye Beera, amesi Asur-fia Tiglat-Pileser de aboyoe; eya nye Ruben-viwo ƒe amegã.

7 Ale woŋlɔ nɔvia, siwo tso eƒe ƒomea me la, ɖe dzidzimegbalẽ la me le woƒe dzidzime nu enye si: Yeiel, si nye tatɔ, Zaxarya,

8 Bela, Azaz vi, amesi nye Sema vi, amesi nye Yoel vi; eya nɔ Aroer vaseɖe Nebo kple Baal-Meon;

9 enɔ ɣedzeƒe gome ɖo ta gbe dzi tso Frat-tɔsisi la nu, elabena woƒe lãwo dzi ɖe dzi le Gilead-nyigba dzi.

10 Le Saul ŋɔli la wowɔ aʋa kple Hagritɔwo; eye esi wotsi wo si me la, woxɔ woƒe agbadɔwo no me le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome katã.


Gad ƒe dzidzimeviwo. Aʋawɔwɔ kple Hagritɔwo.

11 Eye Gad-viwo nɔ wo kasa le Basan-nyigba dzi vaseɖe Salxa.

12 Yoel, si nye tatɔ, Safam, si nye evelia, Yanai kple Safat le Basan.

13 Wo nɔviwò nye esi le woƒe aƒekɔwo nu: Mixael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber; wole adadre.

14 Amesiawo nye Abixail ƒe viwo, amesi nye Xuri vi, amesi nye Yaroax vi, amesi nye Gilead vi, amesi nye Mixael vi, amesi nye Yesisai vi, amesi nye Yaxdo vi, amesi nye Buz vi.

15 Guni vi Abdiel ƒe vi Axi enye woƒe aƒekɔ la ƒe tatɔ.

16 Wonɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe nutowo katã me vaseɖe eƒe mlɔenu.

17 Woŋlɔ amesiawo katã ɖi le Yuda-fia Yotam kple Israel-fia Yerobeam ŋɔli.

18 Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã ƒe ŋutsu kalẽtɔ, siwo tsoa akpoxɔnu kple yi, wodaa da, eye wonya aʋaɖaŋu la, le ame akpe blane vɔ ene alafa adre kple blaade, eye woho yi aʋagbe dzi

19 hewɔ aʋa kple Hagritɔwo, Yetur, Nafis kple Nodab.

20 Mawu kpe ɖe wo ŋu, ale be Hagritɔwo kple amesiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, ge ɖewo si me; elabena wodo ɣli yɔ Mawu le aʋa la me, eye wòɖo to wo, le esi woɖo ŋu ɖe eŋu ta.

21 Woha woƒe lãwo: kposɔ akpe blaatɔ̃, alẽ akpe alafa eve kple blaatɔ̃ kple tedzi akpe eve, hekpe ɖe amegbetɔ akpe alafa ɖeka ŋu.

22 Elabena woda nu ame geɖewo woku, elabena aʋa la tso Mawu gbɔ̃; eye wono wo, teƒe vaseɖe aboyoɖeŋɔli.


Manase to afã.

23 Eye Manase-to afã la ƒe viwo nɔ Basan-nyigba dzi vaseɖe Baal-Xermon kple Senir kpakple Xermon-to la ŋu; wosɔ gbɔ ŋutɔ.

24 Woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo nye esi: Efer, Yisei, Eliel, Azriel, Yirmeya, Hodaya kple Yaxdiel; wonye ŋutsuwɔlawo, ame ŋkɔŋuwo kple woƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo.

25 Ke womeɖi anukware na wo fofowo ƒe Mawu la o, eye wodze anyigba dzi dukɔ, siwo Mawu tsrɔ̃ le wo ŋgɔ la ƒe mawuwo yome.

26 Tete Israel ƒe Mawu la nyɔ Asur-fia Pul ƒe gbɔgbɔ kple Asur-fia Tiglat-Pileser ƒe gbɔgbɔ de wo, eye wokplɔ Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã la dzo yi Xalax, Xabor kple Hara kpakple Gozan-tɔsisi la nu vaseɖe egbe.


Lewi ƒe dzidzimeviwo.

27 Lewi viwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.

28 Kehat viwo nye: Amram, Yizxar. Xebron kple Uziel.

29 Amram viwo nye: Aron, Mose kple Miryam; eye Aron viwo nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

30 Eleazar dzi Pinexas, eye Pinexas dzi Abisua;

31 Abisua dzi Buki, eye Buki dzi Uzi:

32 Uzi dzi Zeraxya, eye Zeraxya dzi Merayot;

33 Merayot dzi Amarya, eye Amarya dzi Axitub;

34 Axitub dzi Zadok, eye Zadok dzi Aximaaz;

35 Aximaaz dzi Azarya, eye Azarya dzi Yoxanan;

36 Yoxanan dzi Azarya; eya nye amesi wo nunɔladɔ le gbedoxɔ, si Salomo tu ɖe Yerusalem la me.

37 Azarya dzi Amarya, eye Amarya dzi Axitub;

38 Axitub dzi Zadok, eye Zadok dzi Salum;

39 Salum dzi Xilkiya, eye Xilkiya dzi Azarya;

40 Azarya dzi Seraya, eye Seraya dzi Yozadak.

41 Ke Yozadak ʋu dzo le afima, esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo Yuda kple Yerusalem.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan