1 Kronika 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Yuda ƒe dzidzimeviwo. 1 Yuda viwo nye: Perez, Xezron, Kelubai, Xur kple Sobal. 2 Sobal vi Reaya dzi Yaxat, eye Yaxat dzi Axumai kple Lahad. Esia nye Zoreatitɔwo ƒe ƒomeawo. 3 Etam viwo nye: Yezreel, Yisma, Yidbas; wo nɔvinyɔnu ŋkɔ nye Hazlelponi; 4 emegbe Gedor fofo Penuel kple Xusa fofo Ezer. Amesiawo nye Betlexem fofo Xur, amesi nye Efrata ƒe ŋgɔgbea ƒe viwo. 5 Tekoa fofo Asxur ɖe srɔ̃ eve, siwo nye: Xelea kple Naara. 6 Naara dzi Axuzam, Xefer, Temni kple Axastaritɔwo nɛ. Amesiawo nye Naara viwo. 7 Eye Xelea viwo nye; Zeret, Yizxar, Etnan kple Koz. 8 Koz dzi Anub, Hazobeba kple Harum vi Axarxel ƒe ƒomeawo. 9 Bubu nɔ Yabez ŋu wu nɔviawo, eye dadaa na ŋkɔe be Yabez, le esi wose veve hafi dzii ta. 10 Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me. 11 Suxa nɔvi Kelub dzi Mexir, eya nye Eston fofo. 12 Eston dzi Bet-Rafa, Paseax kple Texina, si nye Naxas-du la fofo; amesiawo nye Rexa ƒe ŋutsuwo. 13 Kenaz viwo nye: Otniel kple Seraya; eye Otniel vi nye Xatat. 14 Meonotai dzi Ofra, eye Seraya dzi Yoab, si nye atikpala, bali me nɔlawo fofo, elabena atikpalawo wonye. 15 Yefune vi Kaleb ƒe viwo nye: Iru, Ela kple Naam, hekpe ɖe Ela kple Kenaz ƒe viwo ŋu. 16 Yehalelel viwo nye: Zif, Zifa, Tirya kple Asareel. 17 Ezra viwo nye: Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Farao vinyɔnu Bitya, si Mered ɖe la ƒe viwo nye esi: Eya dzi Miryam, Samai kple Yisbax, si nye Estemoa fofo. 18 Eye srɔ̃a, Yuda-nyɔnu la, dzi Yered, si nye Gedor fofo kple Xeber, si nye Soxo fofo, kpakple Yekutiel, si nye Zanoax fofo. 19 Hodiya srɔ̃, si nye Naxam nɔvinyɔnu ƒe viwo nye: Garmitɔ, Kegila fofo, kple Maaxatitɔ Estemoa. 20 Simon viwo nye Amnon, Rina, Ben-Xanan kple Tilon. Yisei viwo nye: Zoxet kple Ben-Zoxet. 21 Yuda vi Sela ƒe viwo nye: Ger, si nye Lexa fofo, Laeda, si nye Maresa fofo, kpakple Asbea ƒe aƒe me aklalalɔ̃lawo ƒe ƒome; 22 emegbe Yokim, Kozeba-ŋutsuwo kple Yoas kpakple Saraf, amesiwo ɖu amegã le Moab kple Yasubi-Lexem. Ke blemanyawo nye esiawo. 23 Wonye zermlawo, eye wono Netaim kple Gedera, fia ƒe do me wono le afima. Simeon ƒe dzidzimeviwo. 24 Simeon viwo nye: Nemuel, Yamin, Yarib, Serax kple Saul; 25 eya ƒe vi nye Salum, eya ƒe vi nye Mibsam, eya ƒe vi nye Misma. 26 Misma viwo nye: Xamuel, eya ƒe vi nye Zakur, eya ƒe vi nye Simei. 27 Ŋutsuvi wuiade kple nyɔnuvi ade nɔ Simei si, ke vi geɖe menɔ nɔviawo ya si o, eye woƒe ƒome mekeke ta de Yuda viwo to nu o. 28 Wono Beer-Seba, Molada, Xazar-Sual, 29 Bilha, Ezem, Tolad, 30 Betuel, Xorma, Ziklag, 31 Bet-Markabot, Xazar-Susim, Bet-Birei kple Saarayim. Esiawo nye woƒe duwo, vaseɖe esime Dawid ɖu fia. 32 Woƒe kɔƒe, siwo kpe ɖe eŋu, wonye: Etam, Ayin, Rimon, Toxen kple Asan, wole du atɔ̃, 33 kpakple woƒe kɔƒe, siwo katã ƒo xlã du siawo vaseɖe Baal. Esiawo nye woƒe nɔƒewo, eye ƒomegbalẽ tɔxɛ le wo si. 34 Mesobab, Yamlex, Yosa, Amazya vi, 35 Yoel, Yehu, si nye Asiel vi Seraya ƒe vi Yosibya vi; 36 Elyoenai, Yaakoba, Yesoxaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya kple 37 Ziza, Sifei vi, amesi nye Alon vi, amesi nye Yadaya vi, amesi nye Simri vi, amesi nye Semaya vi. 38 Amesiwo ŋkɔ woxlẽ la, wonye amegãwo le woƒe ƒomeawo me, eye woƒe aƒekɔwo keke ta ŋutɔ. 39 Eye woho ɖo ta Gedor vaseɖe bali la ƒe ɣedzeƒe gome, be woadi lãnyiƒe na woƒe lãhawo. 40 Eye wokpɔ lãnyiƒe dama nyuia ɖe; anyigba la keke le goawo katã me, eye eŋu fa bɔkɔɔ; elabena Xam-viwo nɔ afima tsã. 41 Tete amesiwo ŋkɔ woŋlɔ ɖi la, va gbã woƒe agbadɔwo, eye wowu Meunitɔ, siwo nɔ afima le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli: wotsrɔ̃ wo gbidigbidi vaseɖe egbe henɔ wo teƒe, elabena lãnyiƒe le afima na woƒe lãwo. 42 Eye Simeon-viwo dome ame alafa atɔ̃ ho yi Seir-to dzi; woƒe tatɔwo nye Yisei viwo: Pelatya, Nearya, Refaya kple Uziel. 43 Eye wowu Amalekitɔ, siwo tsi anyi la ƒe susɔeawo henɔ afima vaseɖe egbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana