Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid viwo kple Yuda-fiawo ƒe dzidzimegbalẽ.

1 Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,

2 etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi; enelia nye Adoniya, Xagit ƒe vi;

3 atɔ̃lia nye Sefatya, si nye Abital ta; adelia nye Yitream, si nye srɔ̃a Egla tɔ.

4 Wo ame ade wodzi nɛ le Xebron; eɖu fia le afima ƒe adre kple dzinu ade, eye ƒe blaetɔ̃ vo etɔ̃ woɖu fia le Yerusalem.

5 Vi, siwo wodzi nɛ le Yerusalem, wonye: Simea, Sobab, Natan kple Salomo; wole wo ame ene, siwo nye Amiel ƒe vinyɔnu Bat-Sua tɔ;

6 hekpe ɖe Yibxar, Elisama, Elifelet,

7 Noga, Nefeg, Yafia,

8 Elisama, Elyada kple Elifelet ŋu wole wo ame asieke.

9 Amesiawo nye Dawid ƒe viŋutsuwo, ke eƒe ahiãwo ƒe viŋutsuwo mele eme o. Wo nɔvinyɔnu enye Tamar.

10 Salomo vi nye Rexabeam; eya ƒe vi nye Abiya, eya ƒe vi nye Asa, eya ƒe vi nye Yosafat,

11 eya ƒe vi nye Yoram, eya ƒe vi nye Axazya, eya ƒe vi nye Yoas,

12 eya ƒe vi nye Amazya, eya ƒe vi nye Azarya, eya ƒe vi nye Yotam,

13 eya ƒe vi nye Axaz, eya ƒe vi nye Xizkiya, eya ƒe vi nye Manase,

14 eya ƒe vi nye Amon, eya ƒe vi nye Yosiya.

15 Yosiya viwo nye: ŋgɔgbea nye Yoxanan, evelia nye Yoyakim, etɔ̃lia nye Zedekiya, enelia nye Salum.

16 Yoyakim viwo nye: Yexonya, eya ƒe vi nye Zedekiya.

17 Yexonya, amesi nye aboyome la ƒe viwo nye: Sealtiel,

18 Malxiram, Pedaya, Senazar, Yekamya, Hosama kple Nedabya.

19 Pedaya ƒe viwo nye: Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viwo nye: Mesulam kple Xananya; wo nɔvinyɔnu enye Selomit;

20 emegbe Xasuba, Ohel, Berexya, Xasadya kple Yusab-Xesed, wole wo ame atɔ̃.

21 Xananya viwo nye: Pelatya kple Yesaya, Refaya viwo, Arnan viwo, Obadya viwo, Sexanya viwo.

22 Sexanya vi nye: Semaya, eye Semaya viwo nye: Xatus, Yigeal, Bariax, Nearya, Safat; wote wo ame ade.

23 Nearya viwo nye: Elyoenai, Xizkiya, Azrikam; wole wo ame elɔ̃.

24 Elyoenai viwo nye: Hodaya, Elyasib, Pelaya, Akub, Yoxanan, Delaya kple Anani; wole wo ame adre.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan