Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nudzɔdzɔ hena gbedoxɔ tutu.

1 Tete fia Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Salomo, vinye ɖeka, si Mawu fia la, enye ɖekakpui dzaa, eye do la keke ta, elabena menye amegbetɔ ƒe fiasã wònye o, ke boŋ Yehowa, Mawu tae.

2 Metso nye ŋusẽ katã dzra ɖo ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu; sika ɖe sikanuawo ŋu, klosalo ɖe klosalonuawo ŋu, akɔbli ɖe akɔblinuawo ŋu, gayibɔ ɖe gayibɔ miawo gu, ati ɖe atinuawo ŋu, soham-kpe, kpe, siwo woatsɔ aɖo awuawo ŋu, kpe yibɔwo, kpe ŋɔŋɔewo, kpe xɔasi vovovowo kpakple kpe ɣiwo wosɔ gbɔ taŋtaŋ.

3 Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:

4 Ofir-sika talento akpe etɔ̃, klosalo nyuitɔ talento akpe adre, ne woatsɔ afa ɖe xɔwo ƒe gliwo ŋu,

5 eye woatsɔ wo awɔ sikanuawo katã kple klosalonuawo katã kpakple aɖaŋuwɔlawo ƒe do vovovoawoe. Azɔ, amekae lɔ̃ le eɖokui si be, yeana nu Yehowa egbea?

6 Tete aƒekɔwo ƒe amegãwo, Israel-toawo ƒe amegãwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple fia ƒe dɔwɔlawo ƒe amegãwo lã faa,

7 eye wona sika talento akpe atɔ̃, ɖariko akpe ewo, klosalo talento akpe ewo, akɔbli talento akpe wuienyi kple gayibɔ talento akpe alafa ɖeka ɖe Mawu ƒe aƒe ƒe ɖo la ŋu.

8 Eye amesi ke si kpe xɔasi le la, etsɔnɛ na Gerson vi Yexiel, ne woatso awɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe kesinɔnui.


Dawid da akpe na Mawu.

9 Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la la, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.

10 Tete Dawid kafu Mawu le ameha blibo la ŋku me gblɔ bena: Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me!

11 Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.

12 Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ.

13 Eyata, mia Mawu, míele akpe dam na wo, eye miele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum;

14 elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.

15 Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.

16 Yehowa, mía Mawu, nu gbogbo siawo, siwo mieƒo ƒu, be míatsɔ atu xɔ na wò hena wò ŋkɔ kɔkɔea la, tso asiwò me, eye tɔwòe nye wo katã.

17 Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.

18 Yehowa, mía fofowo Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu, dzra susu kple tameɖoɖo sia ɖo ɖe wò dukɔ ƒe dzi me tegbee, eye natrɔ woƒe dziwo ɖe ŋuwò!

19 Eye na dzi blibo vinye Salomo, ne wòalé wò sewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi wòawɔ nuawo katã aɖe goe, eye woatu fiasã, si ŋu medzra nuawo ɖo ɖo la!


Amisisi na Salomo.

20 Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.

21 Esi ŋu ke la, wowu vɔsalãwo na Yehowa, eye wotsa nyitsu akpe ɖeka, agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numevɔ na Yehowa hekpe ɖe nunovɔsawo ŋu, eye wosa akpedavɔ geɖe ɖe Israel blibo la ta.

22 Woɖu nu no nu le Yehowa ŋku me gbemagbe kple dzidzɔ geɖe, eye woɖo fia Salomo, Dawid vi, zi evelia, wosi ami nɛ heɖo amegãe na Yehowa, eye wòsi ami na Zadok heɖo nunɔlae.

23 Eye Salomo bɔbɔ nɔ Yehowa ƒe fiazikpui la dzi hezu fia ɖe fofoa Dawid teƒe, eye dzɔgbenyuie le eŋu. Israel blibo la ɖo toe,

24 eye amegãwo katã kple kalẽawo kpakple fia Dawid ƒe viwo katã hã de ta fia Salomo le.

25 Yehowa wo Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtso fiaɖuɖu, si ŋu kafukafu le la nɛ, esi tɔgbe menɔ fia, siwo ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.


Dawid ku.

26 Dawid, Isai vi la, ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.

27 Ɣeyiɣi, siwo woɖu fia ɖe Israel dzi la, le ƒe blane; eɖu fia le Xebron ƒe adre, eye woɖu fia le Yerusalem ƒe blaetɔ̃ vɔ etɔ̃.

28 Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.

29 Fia Dawid ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔla Samuel ŋutinyawo, nyagblɔɖila Natan ŋutinyawo kple nukpɔla Gad ŋutinyawo me

30 hekpe ɖe eƒe dziɖuɖuwo katã, eƒe nu tsu wɔwɔwo kple nya, siwo dzɔ ɖe eya ŋutɔ kple Israel kpakple anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi la ŋuti.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan