1 Kronika 28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid kplɔ Salomo fia dukɔ la abe yomedzela ene. 1 Tele Dawid ƒo Israel ƒe amegãwo katã, toawo ƒe amegãwo, hawo ƒe amegã, siwo subɔa fia la, ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple amesiwo kpɔa fia la kple viawo ƒe kesinɔnuwo kple lãhawo dzi la nu ƒu ɖe Yerusalem hekpe ɖe aƒedzikpɔlawo, kalẽtɔwo kple ŋutsu ŋkumesesẽtɔwo katã ŋu. 2 Eye fia la tso ɖe tsitrenu gblɔ bena; Nɔvinyewo kple nye dukɔ, miɖo tom! Meɖo ɖe la me be, matu gbɔɖemeƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple mía Mawu ƒe afɔɖodzinu, eye medzra ɖo ɖe elutu ŋu. 3 Ke Mawu gblɔ nam be: Matu xɔa ɖeke na nye ŋkɔ o, elabena aʋame nenye, eye nekɔ ʋu ɖe anyi. 4 Eye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dam le fofonye ƒe aƒe blibo la me, be maɖu fia ɖe Israel dzi tegbee, elabena etia Yuda, ne wòanye amegã, eye nye nu nyo eŋu le fofonye Yuda ƒe aƒe me kple fofonye viwo dome, eye wòtsɔm ɖo fia ɖe Israel blibo la nu. 5 Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi. 6 Eye wògblɔ nam be: Viwò Salomo netu nye xɔ, eye wòatɔ nye kpɔwo, elabena metia eya, ne wòanye vinye, eye nyea manye fofoa. 7 Mali ke eƒe fiaɖuƒe la tegbee, nenye be, elé nye sewo kple kɔnuwo me ɖe asi sesĩe, eye wòwɔ wo dzi, abe alesi wòle egbe siawo ene. 8 Eyata mele nu xlɔ̃m mi le Israel blibo la kple Yehowa ƒe ha la ŋku me kpakple ɖe mía Mawu ƒe to me be: Milé Yehowa, mia Mawu ƒe seawo katã me ɖe asi, eye midi eyome, ne miaxɔ anyigba nyui la, eye mia megbeviwo natsɔe anyi dome tegbee. 9 Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee. 10 Eyata nyae be, Yehowa ɖa wò, be natu xɔ, si anye kɔkɔeƒe; lé dzi ɖe ƒo, eye na wɔe ade goe! Dawid tsɔ gbedoxɔ ƒe nɔnɔme de asi na Salomo, eye wòtsɔ nusiwo wodzra ɖo hã nɛ. 11 Eye Dawid tsɔ xɔ la ƒe akpata, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, dzisasrãwo kple xɔ emetɔwo kpakple nutsyɔnu la xɔ ƒe nɔnɔme de asi na via Salomo. 12 Etsɔ nusiwo katã wobu ɖe ta me la ƒe nɔnɔme de asi nɛ, siwo nye Yehowa ƒe aƒe la ƒe kpɔwo kple eŋu xɔwo katã godoo, Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒewo kple nu kɔkɔeawo dzraɖoƒewo; 13 nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo, Yehowa ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔwo katã kple Yehowa ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔnuawo katã; 14 sika ɖe sikanuawo ŋu, alesi atu subɔsubɔnuawo dome ɖesiaɖe nu, 15 sika ɖe sikakaɖitiawo kple woƒe sikakaɖigbɛawo ŋu, alesi atu akaɖiti ɖesiaɖe kple eƒe akaɖigbɛawo nu; klosalo ɖe klosalokaɖitiawo nu, alesi atu akaɖiti ɖesiaɖe kple eƒe akaɖigbɛwo nu, le alesi woawɔ akaɖiti ɖesiaɖe ŋu ɖoe nu; 16 sika alesi nu atu ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃wo dome ɖe siaɖe nu, kple klosalo ɖe klosalokplɔ̃awo ŋu; 17 sika nyuitɔ ɖe gaflowo, ʋutrewo kple kpluwo kpakple sikagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu; kple klosalo ɖe klosagoeawo ŋu, alesi atu goe ɖesiaɖe nu; 18 kple sika nyuitɔ alesi atu dzudzɔdovɔsamlekpui la nu hekpe ɖe sika Kerubiawo, siwo keke aʋala hetsyɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka dzi la ƒe tasiaɖam la ŋuti. 19 Nusiawo katã Yehowa, amesi fia do siawo katã ƒe nɔnɔmem la ƒe asi ŋlɔ nam. 20 Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu! 21 Kpɔ ɖa, nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo nye esi ɖe Mawu ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔwo katã ŋu, eye aɖaŋuwɔla, siwo lɔ̃ le wo ɖokui si hena do vovovowo wɔwɔ kple amegãwo kpakple du ko blibo la, le asiwò me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana