Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Aʋakɔ la ƒu ɖoɖo wuieveawo dzikpɔlawo.

1 Esiawo nye Israel-viwo le woƒe xexlẽmewo nu, aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple woƒe dɔdzikpɔlawo, amesiwo subɔ fia la, ha sia ha le eƒe ɖoɖo nu; wovana, eye wodzona dzinu sia dzinu le ƒe la me; ha sia ha le ame akpe blave vɔ ene.

2 Yasobeam, Zabdiel vi, le ha gbãtɔ nu le dzinu gbãtɔ me; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

3 Etso Perez-viwo dome, eye wònye aʋafiawo katã ƒe tatɔ le dzinu gbãtɔ me.

4 Axoxitɔ Dodai le dzinu evelia ƒe ha nu, eye amegã Miklot le eƒe ha la me; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

5 Aʋafia etɔ̃lia, le dzinu etɔ̃lia me, enye Benaya, nunɔla Yoyada ƒe vi, eya nye tatɔ, eye eƒe ha la le ame akpe blave vo ene.

6 Benaya sia enye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome, eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; evia Amizabad le eƒe ha la me.

7 Enelia, le dzinu enelia me, enye Asahel. Yoab nɔvi, eye via Zebadya dze eyome; eƒe ha la le ame akpe blave vo ene.

8 Atɔ̃lia, le dzinu atɔ̃lia me, enye amegã Samhut, amesi nye Yizraxitɔ; eƒe ha la le ame akpe blave vo ene.

9 Adelia, le dzinu adelia me, enye Ira, Ikes vi, tso Tekoa; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

10 Adrelia, le dzinu adrelia me, enye Pelonitɔ Xelez tso Efrayim-viwo dome; eƒe ha la le ame akpe blave vo ene.

11 Enyilia, le dzinu enyilia me, enye Xusatitɔ Sibexai tso Zarxi viwo dome; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

12 Asiekelia, le dzinu asiekelia me, enye Anatotitɔ Abiezer tso Benyamin-viwo dome; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

13 Ewolia, le dzinu ewolia me, enye Netofatitɔ Maharai tso Zarxi viwo dome; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

14 Wuiɖekɛlia, le dzinu wuiɖekɛlia me, enye Piratonitɔ Benaya tso Efrayim-viwo dome; eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.

15 Wuievelia, le dzinu wuievelia me, enye Netofatitɔ Xeldai tso Otniel viwo dome, eƒe ha la le ame akpe blave vɔ ene.


Ƒomeawo ƒe amegãwo

16 Amesiwo le Israel-toawo nu, wonye esi: Eliezer, Zixri vi, enye Ruben-viwo ƒe amegã; Simeon-viwo tɔ enye Sefatya, Maaxa vi;

17 Lewi-viwo tɔ enye Xasabya, Kemuel vi; Aron viwo tɔ enye Zadok;

18 Yuda-viwo tɔ enye Elihu tso Dawid nɔviwo dome; Isaxar-viwo tɔ enye Omri, Mixael vi;

19 Zebulon-viwo tɔ enye Yismaya, Obadya vi; Naftali-viwo tɔ enye Yerimot, Azriel vi;

20 Efrayim-viwo tɔ enye Hosea, Azazya vi; Manase-to afã la tɔ enye Yoel, Pedaya vi;

21 Manase-to afã, si le Gilead la tɔ enye Ido, Zaxarya vi; Benyamin-viwo tɔ enye Yaasiel, Abner vi;

22 Dan-viwo tɔ enye Azarel, Yeroxam vi. Amesiawo nye Israel-toawo ƒe amegãwo.

23 Ke Dawid mexlẽ amesiwo xɔ ƒe blave kple amesiwo mekpɔ xɔ nenema haɖe o la, ɖe eme o, elabena Yehowa do ŋugbe be, yeawɔ Israel wòasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.

24 Yoab, Zeruya vi, de asi wo xexlẽ me, ke mewu enu o, elabena eyatae dɔmedzoe va Israel dzi ɖo; eya ŋuti womede xexlẽme la fia Dawid ŋutinya me o.


Dawid ƒe subɔlawo kple dɔwɔlawo.

25 Azmawet, Adiel vi, le fia la ƒe kesinɔnuwo nu, eye Yonatan, Uziya vi, le nusiwo wodzra ɖo ɖe agblewo, duwo, kɔƒewo kple mɔwo me la nu;

26 Ezri, Kelub vi, le agbledela, siwo ŋlɔa agble la nu;

27 Simei, Ramatitɔ, le weingblewo nu; eye Zabdi, Sifmitɔ, le wein, siwo wotsɔ tso weingblewo me dzra ɖo la nu.

28 Baal-Xanan, Gederitɔ, le amiti kple gboti, siwo wodo ɖe tagba la nu; eye Yoas le ami, siwo wodzra ɖo la nu:

29 Sitrai, Saronitɔ, le nyi, siwo ɖua gbe le Saron la nu; eye Safat, Adlai vi, le nyi, siwo le bali me la nu;

30 Obil, Ismaeltɔ, le kposɔwo nu; eye Yexdeya, Meronotitɔ, le tedzinɔwo nu;

31 Yaziz, Hagritɔ, le alẽwo nu. Amesiawo katãe nɔ fia Dawid ƒe kesinɔnuwo nu.

32 Dawid tɔdia Yonatan enye adaŋudela, gɔmesese le esi, eye wonya agbalẽ me; Yexiel, Xaxmoni vi, le fiaviwo gbɔ;

33 Axitofel enye fia ƒe adaŋudela; Xusai, Arkitɔ, enye fia xɔlɔ̃.

34 Amesiwo kplɔ Axitofel ɖo, wonye Yoyada, Benaya vi, kple Abyatar; eye fia la ƒe aʋafia enye Yoab.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan