Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Agbonudzɔlawo ɖoɖo.

1 Agbonudzɔlawo ƒe hawo nye esi: Amesi tso Korax viwo dome, enye Meselemya, amesi nye Kore, si tso Asaf viwo dome ƒe vi.

2 Meselemya viwo nye: Zaxarya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yediael, etɔ̃lia nye Zebadya, enelia nye Yatniel,

3 atɔ̃lia nye Elam, adelia nye Yoxanan, eye adrelia nye Elyoenai.

4 Obed-Edom viwo nye: Semaya, si nye ŋgɔgbea, evelia nye Yozabad, etɔ̃lia nye Yoax, enelia nye Saxar, atɔ̃lia nye Netaneel,

5 adelia nye Amiel, adrelia nye Isaxar, eye enyilia nye Peultai: elabena Mawu yrae.

6 Wodzi ŋutsuviwo na Semaya, amesiwo nye dziɖulawo le wo fofo ƒe me, elabena wonye ŋutsu kalẽtɔwo.

7 Semaya viwo nye: Otni, Rafael, Obed kple Elzabad, amesi nɔviwo Elihu kple Semaxya wonye kalẽtɔwo.

8 Amesiawo katã tso Obed-Edom viwo dome; woawo kple wo viwo kpakple wo nɔviwo nye kalẽtɔwo, eye wokako ɖe dɔ ŋu. Obed-Edom-hawo le ame blaade vɔ eve.

9 Meselemya viwo kple nɔviawo le wo ame wuienyi, eye wonye kalẽtɔwo.

10 Xosa, amesi tso Merari viwo dome la ƒe viwo nye: Simri, amesi nye tatɔ; menye eyae nye ŋgɔgbea hafi o, gake fofoa tsɔe ɖo tatɔe,

11 evelia nye Xilkiya, etɔ̃lia nye Tebalya, eye enelia nye Zaxarya; Xosa viwo katã kple nɔviawo le wo ame wuietɔ̃.

12 Agbonudzɔlawo ƒe ha siawo, siwo nye ŋutsuawo ƒe tatɔwo la ƒe dɔ enye ŋudzɔdzɔ, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me abe wo nɔviwo ke ene.

13 Eye wodzidze nu le woƒe aƒekɔwo nu, woɖale sue alo wololo o, hena agbo sia agbo.

14 Dzidze la dze Selemya dzi ɖe ɣedzeƒe gome; eye wodzidze nu de via Zaxarya, amesi nye adaŋudela nyanu la dzi, eye eƒe dzidze dze anyiehe gome.

15 Obed-Edom tɔ nye dziehe gome, eye viawo tɔ nye nudzraɖoƒe la.

16 Supim kple Xosa tɔ nye ɣetoɖoƒe gome le Salexet-gbo la nu le mɔ, si lia to la to, dzɔƒe le dzɔƒe xa.

17 Lewi-vi ade le ɣedzeƒe gome, wo ame ene le anyiehe gbesiagbe, wo ame ene le dziehe gbesiagbe, eye wo ame eve le nudzraɖoƒe la nu;

18 esiwo le Parbar le ɣetoɖoƒe gome, wonye: wo ame ene le mɔ to, eye wo ame eve le Parbar.

19 Esia nye agbonudzɔlawo ƒe hawo tso Korax viwo kple Merari viwo dome.


Kesinɔnuwo dzikpɔlawo ɖoɖo.

20 Eye wotsɔ wo nɔvi Lewi-viwo ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo kple nu kɔkɔeawo nu.

21 Laedan, amesi tso Gerson viwo dome ƒe viwo, siwo nye Gerson vi Laedan ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, wonye Yexiel viwo.

22 Yexiel viwo nye: Zetam kple nɔvia Yoel; woawoe le Yehowa ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo nu.

23 Amesiwo tso Amram-hawo, Yizhar-hawo, Xebron-hawo kple Uziel-hawo dome, wonye.

24 Sebuel, amesi nye Mose vi Gersom ƒe vi, eya le kesinɔnuawo nu.

25 Eye nɔvia Eliezer viwo nye Rexabya, eya ƒe vi nye Yesaya, eya ƒe vi nye Yoram, eya ƒe vi nye Zixri, eya ƒe vi nye Selomot.

26 Selomot sia kple nɔviawo wotsɔ ɖo kesinɔnu kɔkɔeawo katã, siwo ŋu ba Dawid kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpe kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple aʋafiawo kɔ la nu;

27 aboyonu, siwo wokpɔ tso aʋa me la dome, woɖe wo tsoe heka wo ŋu, ne woatsɔ akpe ɖe Yehowa ƒe aƒe ta tutu ŋui;

28 hekpe ɖe nusiwo katã ŋu nukpɔla Samuel, Saul, Kis vi, Abner, Ner vi, kpakple Yoab, Zeruya vi, woka la ŋuti. Ne amesiame kɔ nane ŋu la, wotsɔnɛ dea asi na Selomot kple nɔviawo.


Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoɖo.

29 Wotsɔ Kenanya, amesi tso Yizhar viwo dome la, kple viawo ɖo dɔwɔwɔ nu le Israel, wonye dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.

30 Wotsɔ Xebron viwo, siwo nye Xasabya kple nɔviawo ame akpe ɖeka kple alafa adre, siwo nye ame zãzɛwo, ɖo Israel nu le Yordan ƒe go si me le ɣetoɖoƒe gome hena Yehowa ƒe dowo katã kple fia la subɔsubɔ.

31 Yeriya enye tatɔ le Xebron viwo dome Le Dawid ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blanelia me la wodo Xebron viwo ƒe ƒome la kpɔ le woƒe aƒekɔwo nu, eye wokpɔ ŋutsu kalẽtɔwo le wo dome le Yaezer le Gilead;

32 nɔviawo nye ame zãzɛwo, eye wole tatɔ akpe eve kple alafa adre le aƒekɔawo me. Woawo Dawid tso ɖo Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã la nu le Mawu kple fia ƒe nyawo katã gome.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan