Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ɖoɖo blave vɔ ene na hadzila kɔkɔeawo.

1 Eye Dawid kple aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖa Asaf viwo, Heman viwo kple Yedutun viwo, amesiwo ƒoa kasaŋku, saŋku kple gakogoe la, hena woƒe subɔsubɔdɔ. Dɔwɔla, siwo asubɔ la ƒe xexlẽme enye si:

2 Asaf viwo nye: Sakur, Yosef, Netanya kple Asarela Asaf viwo nɔ Asaf, si ƒoa saŋku le fia ƒe ɖoɖo nu la gbɔ.

3 Yedutun-hawo nye esi: Yedutun viwo nye: Gedalya, Zeri, Yesaya, Xasabya, Matitya kple Simei, wole wo ame ade; woawo tsɔa kasaŋku ƒoa akpedaha kple kafukafuha na Yehowa le wo fofo Yedutun ƒe kpɔkplɔ te.

4 Heman hawo nye esi: Heman viwo nye: Bukiya, Matanya, Uziel, Sebuel, Yerimot, Xananya, Xanani, Eliata, Gidalti, Romamti-Eser, Yosbekasa, Maloti, Hotir kple Maxasiot.

5 Amesiawo katã nye fia ƒe nukpɔla, Heman ƒe viwo, ne eƒe dzo nadidi le Mawu ƒe nya nu; elabena Mawu na ŋutsuvi wuiene kple nyɔnuvi etɔ̃ Heman.

6 Amesiawo katã tsoa gakogoe, saŋku kple kasaŋku ƒoa hãe le Yehowa ƒe aƒe la me le wo fofo Asaf, Heman kple Yedutun ƒe kpɔkplɔ te, abe alesi fia la ɖo ene.

7 Woxlẽ woawo kple wo nɔvi, siwo srɔ̃ Yehowa ƒe ha la, kpe ɖe hafialawo ŋu, wole ame alafa eve kple blanyi vɔ enyi.

8 Eye wodzidze nu ɖe woƒe dɔ ƒe ɖoɖome dzi hena ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nufialawo kple nusrɔ̃viwo siaa.

9 Dzidze gbãtɔ hena Asaf dze Yosef kple nɔviawo kpakple viawo dzi, wole ame wuieve; evelia dze Gedalya kple nɔviawo kpakple viawo dzi, wole ame wuieve;

10 etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

11 enelia dze Yizri kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

12 atɔ̃lia dze Netanya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

13 adelia dze Bukiya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

14 adrelia dze Yesarela kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

15 enyilia dze Yesaya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

16 asiekelia dze Matanya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

17 ewolia dze Simei kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

18 wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

19 wuievelia dze Xasabya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

20 wuietɔ̃lia dze Subael kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

21 wuienelia dze Malitya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

22 wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

23 wuiadelia dze Xananya kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

24 wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve,

25 wuienyilia dze Xanani kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

26 wuieasikelia dze Maloti kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

27 blavelia dze Eliyata kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

28 blave vɔ ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

29 blave vɔ evelia dze Gidalti kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

30 blave vɔ etɔ̃lia dze Maxasiot kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve;

31 blave vɔ enelia dze Romamti-Eser kple viawo kpakple nɔviawo dzi, wole ame wuieve.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan