Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nunɔlaɖoɖo blave vɔ eneawo nu tatɔwo.

1 Aron viwo ƒe hawo nye esi: Aron viwo nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

2 Ke Nadab kple Abihu wotre kuku na wo fofo, eye viŋutsua ɖeke menɔ wo si o, eyata Eleazar kple Itamar wòzu nunɔlawo.

3 Eye Dawid kple Zadok, amesi tso Eleazar viwo dome, kpakple Aximelex tso Itamar viwo dome mã wo ɖe woƒe dɔ me haha.

4 Ke esi Eleazar viwo ƒe tatɔwo sɔ gbɔ wu Itamar viwo tɔ la, womã wo, ale be Eleazar viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo le ame wuiade, eye Itamar viwo ƒe aƒekɔwo tɔ le wo ame enyi.

5 Edzidze nu hafi ma woa kple eve la, elabena woawoe nye kɔkɔeƒe la nu amegãwo kple Mawu ƒe amegãwo tso Eleazar viwo kple Itamar viwo dome.

6 Eye agbalẽŋlɔla Semaya, Netaneel vi tso Lewi-viwo dome, ŋlɔ wo ɖi le fia la kple amegãwo, nunɔla Zadok kple Aximelex, Abyatar vi, kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; ne wodzidze nu ɖe Eleazar ƒe aƒekɔ ɖeka dzi la, ekema wodzidzea nu ɖe Itamar to ɖeka dzi.

7 Dzidze gbãtɔ dze Yoyarib dzi, evelia dze Yedaya dzi,

8 etɔ̃lia dze Xarim dzi, enelia dze Seorim dzi,

9 atɔ̃lia dze Milkiya dzi, adelia dze Miyamin dzi,

10 adrelia dze Hakoz dzi, enyilia dze Abiya dzi,

11 asiekelia dze Yesua dzi, ewolia dze Sexanya dzi,

12 wuiɖekɛlia dze Elyasib dzi, wuievelia dze Yakim dzi,

13 wuietɔ̃lia dze Xupa dzi, wuienelia dze Yesebab dzi,

14 wuiatɔ̃lia dze Bilga dzi, wuiadelia dze Imer dzi,

15 wuiadrelia dze Xezir dzi wuienyilia dze Hapizez dzi,

16 wuiasiekelia dze Petaxya dzi, blavelia dze Yexezkel dzi,

17 blave vɔ ɖekɛlia dze Yaxin dzi, blave vo evelia dze Gamul dzi,

18 blave vɔ etɔ̃lia dze Delaya dzi, eye blave vɔ enelia dze Maazya dzi.

19 Esia nye woƒe ɖoɖomewo hena woƒe dɔwɔwɔ, ne woayi Yehowa ƒe aƒe la me le ɖoɖo, si wo fofo Aron do na wo la nu, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se nɛ ene.


Lewitɔwo ƒe tatɔwo.

20 Lewi-vi susɔeawo nye esi: Subael tso Amram viwo dome, Yexdeya tso Subael viwo dome,

21 Yisiya enye tatɔ le Rexabya viwo dome,

22 Selomot tso Yizhar viwo dome, Yaxat tso Selomot viwo dome.

23 Xebron viwo nye: Yeriya, amesi nye tatɔ, evelia nye Amarya, etɔ̃lia nye Yaxaziel, enelia nye Yekamam.

24 Uziel viwo nye: Mixa, Samir tso Mixa viwo dome.

25 Mixa nɔvi nye Yisiya; Zaxarya tso Yisiya viwo dome.

26 Merari viwo nye Maxli kple Musi kpakple via Yaazya viwo.

27 Merari vi, siwo via Yaazya dzi, wonye Soham, Zakur kple Ibri.

28 Maxli dzi Eleazar, ke eya medzi ŋutsuvia ɖeke o.

29 Kis towo nye esi Kis vi nye: Yeraxmeel.

30 Musi viwo nye: Maxli, Eder kple Yerimot. Esiawo nye Lewi-viwo ƒe viwo le woƒe aƒekɔwo nu.

31 Eye woawo hã dzidze nu abe wo nɔvi Aron viwo ke ene, le fia Dawid, Zadok kple Aximelex kpakple nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo ŋku me; aƒekɔwo ƒe ame tsitsiwo kple woƒe tsɛwo siaa.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan