Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Lewitɔwo ƒe xexlẽme, ɖoɖowo kple dɔwɔwɔ.

1 Esi Dawid tsi, eye agbe tii la, etsɔ via Salomo ɖo fia ɖe Israel nu?

2 Eye wòƒo Israel-amegãwo katã, nunɔlawo kple Lewi-viwo nu ƒu.

3 Eye woxlẽ Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo, ŋutsu ɖekaɖekawo ƒe xexlẽme de akpe blaetɔ̃ vo enyi.

4 Amesiawo dometɔ akpe blave vɔ ene nanɔ Yehowa xɔ la ƒe dɔ nu, eye ame akpe ade nanye dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo;

5 ame akpe ene nanye agbonudzɔlawo, eye ame akpe ene natso hadzinu, siwo mewo hena kafukafuha la, akafu Yehowa.

6 Eye Dawid ma wo haha ɖe Lewi viwo Gerson, Kehat kple Merari nu.

7 Gerson viwo nye: Laedan kple Simei.

8 Laedan vi wo nye: Yexiel, amesi nye toto, Zetam kple Yoel, wole wo ame etɔ̃.

9 Simei viwo nye: Selomit, Xaziel kple Haran, wole wo ame etɔ̃. Woawo nye Laedan ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo.

10 Simei viwo nye: Yaxat, Ziza, Yeus kple Beria; amesiawo nye Simei viwo, wole wo ame ene.

11 Yaxat enye tatɔ, eye Ziza enye evelia; ke Yeus kple Beria medzi vi geɖe o, eye woxlẽ wo wo aƒekɔ ɖekae.

12 Kehat viwo nye; Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel, wole wo ame ene.

13 Aram viwo nye: Aron kple Mose, ewolia Aron, be wòakɔ eya kple viaŋutsuwo ŋu ne woanye ame kɔkɔetɔwo tegbee ne woaɖo dzudzɔ le Yehowa ŋku me, woasubɔe, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi tegbee.

14 Woyɔ Mawu ƒe ame Mose ƒe viwo ɖe Lewi ƒe to la me.

15 Mose viwo nye: Gersom kple Eliezer.

16 Gersom vi nye Sebuel, amesi nye tatɔ.

17 Eliezer vi nye: Rexabya, amesi nye tatɔ; viŋutsu bubua ɖeke meganɔ Eliezer si o; ke Rexabya viwo sɔ gbɔ ŋutɔ.

18 Yizhar vi nye: Selomit, amesi nye tatɔ.

19 Xebron vi nye: Yeriya, amesi nye tatɔ, evelia nye Amarya, etɔ̃lia nye Yaxaziel, eye enelia nye Yekamam.

20 Uziel viwo nye: Mixa, amesi nye lãto, kple Yisiya, si nye evelia.

21 Merari viwo nye: Maxli kple Musi Maxli viwo nye: Eleazar kple Kis.

22 Eleazar medzi ŋutsuvia ɖeke hafi ku o, negbe nyɔnuviwo ko, eye woɖe Kis ƒe ŋutsuviwo, siwo nye wo nɔviwo.

23 Musi viwo nye: Maxli, Eder kple Yeremot, wole wo ame etɔ̃.

24 Amesiawo nye Lewi-viwo le woƒe aƒekɔwo nu; woa wo nye aƒekɔwo nu tatɔwo, siwo wotia xlẽ le ame ɖekaɖekawo ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, amesiwo xa ƒe blave kple edzivɔwo, ne woawo Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo.

25 Elabena Dawid gblɔ be: Esi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na gbɔdzɔe eƒe dukɔ, eye wole Yerusalem no ge tegbee la,

26 eyata Lewi-viwo hã megale nɔƒe la kple eƒe nuwo katã tso ge azɔ o; —

27 elabena le Dawid ƒe ɖoɖo mlɔetɔ nu woxlẽ Lewi-viwo ƒe amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo —

28 ke boŋ wo nɔƒe nanɔ Aron viwo xa, ne woawɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋu dɔwo, woakpɔ xɔxɔnuawo kple xɔawo dzi, woaklɔ nu kɔkɔeawo katã, eye woawɔ Mawu ƒe aƒe la ŋu dɔwo;

29 woakpe ŋkumeɖobolo la, wɔ memee hena nuɖuvɔsa, tatali maʋamaʋãwo, nusiwo wotɔna le nutɔgba me, nu bakabakawo kple nudotree kpakple dzidzenuawo dzi;

30 eye ele na wo be, woatsi tre ɖi ŋdi sia ŋdi, ne woada akpe na Yehowa, eye woakafui; alea woawo le fiẽ hã.

31 Woava tasɔsɔe, ne wole numevɔwo katã sa ge le dzudzɔgbe, dzinu yeye kple ŋkekenyuiewo dzi le woƒe ɖoɖo la nu le Yehowa ŋku me tegbee;

32 ne woawo Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo, kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo kple wo nɔvi Aron viwo ƒe dɔwo, eye woasubɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan