1 Kronika 22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid dzro gbedoxɔ la teƒe ɖo, eye wòxlɔ̃ nu via Salomo, 1 Eye Dawid gblɔ be: Esia nye Yehowa Mawu ƒe aƒe, eye esia nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu. 2 Tete Dawid de se be, woaƒo amedzro, siwo le Israel-nyigba dzi la nu ƒu, eye woɖo kpefulawo, be woafu kpewo, ne woatso atu Mawu ƒe xɔ lae. 3 Eye Dawid ƒo gayibɔ nu ƒu fũ ɖe agboawo ŋu ʋɔtruwo ƒe gatagbadzɛwo kple gatagbadzɛ gã gobawo wɔwɔ ŋuti; akɔbliawo mele dada me o, 4 eye sedertiawo mele xexlẽ me o, elabena Sidontɔwo kple Tiro-tɔwo tsa sedertiwo vɛ na Dawid taŋtaŋ. 5 Eye Dawid gblɔ bena: Vinye Salomo enye ɖekakpui dzaa ko, eye xɔ, si wole tutu ge na Yehowa la, ele be, wòalolo ŋutɔ, ne eƒe ŋkɔ kple bubu nade anyigbawo katã dzi, eyata maƒo nuwo nu ƒu ɖi nɛ! Ale Dawid ƒo nuwo nu ƒu taŋtaŋ hafi va ku. 6 Eye wòyɔ via Salomo hede se ne be, wòatu xa na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. 7 Eye Dawid gblɔ na Salomo bena: Vinye, meɖo ɖe ta me be, matu xa na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, 8 ke Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be: Ekɔ ʋu ɖe anyi akpa, eye nèwɔ aʋa geɖe, eyata matu xɔ na nye ŋkɔ o, elabena ekɔ ʋu geɖe ɖe anyi le ŋkunye me. 9 Kpɔ ɖa, wole ŋutsuvia ɖe dzi ge na wò, amesi anye ŋutifafame, eye mana gbɔdzɔe le eƒe futɔwo katã si me godoo, elabena Salomo anye eƒe ŋkɔ, eye mana ŋutifafa kple gbɔɖeme Israel le eƒe agbe me ŋkekewo katã me. 10 Eya atu xɔ na nye ŋkɔ; azu vinye, eye nyea mazu fofoa, eye mana eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nati ke ɖe Israel dzi tegbee. 11 Eyata vinye, Yehowa ana kpli wò, natu Yehowa, wò Mawu ƒe xɔ la aɖe goe dedie, abe alesi wògblɔ ɖe ŋuwò ene. 12 Yehowa ana gɔmesese kple nunya wò, eye woaɖo wò Israel nu, ne na é Yehowa, wò Mawu ƒe se la me ɖe asi. 13 Ne èlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Yehowa ɖo na Mose hena Israel-viwo la me ɖe asi, eye nèwɔ wo dzi la, ekema akpɔ dzagbenyuie. Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo, megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! 14 Kpɔ ɖa, medze agbagba ƒo sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu, eye nadi bubuwo akpe de wo ŋu! 15 Dɔwɔlawo le asiwò kpaŋkpaŋ, kpefulawo, gliɖolawo kple atikpalawo kpakple aɖaŋuwɔla vovovowo. 16 Sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ mele xexlẽ me o; eyata tso de do la ŋu, eye Yehowa ano kpli wò! 17 Eye Dawid de se na Israel-amegãwo katã be, woakpe de via Salomo ŋu gblɔ bena: 18 Yehowa, mia Mawu la, li kpli mi tso, eye wòna gbɔdzɔe mi godoo va kpe, elabena etsɔ anyigba la de asi nam, eye anyigbadzitɔwo na ta le Yehowa kple eƒe dukɔ la ŋku me. 19 Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana