Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

1 Kronika 21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dawid xlẽ dukɔ la, eye wohe to ne kple dɔvɔ̃.

1 Eye Satana tsi tre ɖe Israel ŋu, eye woble Dawid, be woaxlẽ Israel.

2 Tete Dawid gblɔ na Yoab kple aʋakɔ la ƒe tatɔwo bena: Miyi ɖaxlẽ Israel tso Beer-Seba vaseɖe Dan vɛ nam, ne mianya woƒe xexlẽme.

3 Yoab ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, ne Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wòle hã la, ɖe menye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo ko wo katã wonye oa? Nukaŋuti nye aƒetɔ le nusia tugbe dim, eye nukaŋuti wòatrɔ zu fɔɖiɖi na Israel?

4 Ke esi fia la tsi eƒe nya la dzi na Yoab la, Yoab yi ɖatsa le Israel blibo la, eye wògbɔ va Yerusalem.

5 Eye Yoab tsa dukɔ la ƒe amesiwo wolia xlẽ la ƒe xexlẽme vɛ na fia la: Amesiwo ate ŋu aɖi yi le Israel blibo la me la, wole ame akpe alafa wuiɖekɛ teƒe akpe, eye amesiwo ate ŋu aɖi yi le Yuda la, wole ame akpe alafa ene kple blaadre.

6 Gake metia Lewi kple Benyamin xlẽ ɖe wo dome o, elabena fiaƒe nya la nyo ŋu na Yoab.

7 Ke nusia medze Mawu ŋu o, eye wowu Israel.

8 Tete Dawid gblɔ na Mawu bena: Mewo nuvɔ̃, be mewo nusia, eyata tsɔ wò dɔla ƒe vodada kee, elabena mewo lãnu ŋutɔ.

9 Eye Yehowa gblɔ na Dawid ƒe nukpɔla Gad bena:

10 Yi ɖagblɔ na Dawid be: Ale Yehowa gblɔ esi: Nu elɔ̃ metso le ŋkuwò me ɖom, tia wo dometɔ ɖeka, ne mawo wò.

11 Tete Gad va Dawid gbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ wo dome, natsɔ:

12 dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, alo nasi le wò ketɔwo nu dzinu etɔ̃, eye wò futɔwo ƒe yi naɖe wò ɖe nu loo, alo Yehowa ƒe yi kple dɔvɔ̃ nanɔ anyigba dzi ŋkeke etɔ̃, eye Yehowa ƒe dɔla nawu ame le Israel-nyigba blibo la dzia? Azɔ bu eŋu, alesi maɖaɖo eŋu na amesi dom ɖa!

13 Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋuta! Na madze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve so gbɔ ŋutɔ; ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!

14 Tete Yehowa na dɔvɔ̃ va Israel, eye ame akpe blaadre ku le Israel.


Dawid mè nu le Ornan ƒe luƒoƒe.

15 Eye Mawu dɔ dɔlaa ɖe ɖo ɖe Yerusalem, be wòaɖagblẽe. Ke esi wòde asi nugbegblẽ me la, Yehowa kpoe, eye vɔ̃ la vee, eye wògblɔ na dɔla, si le nu gblẽm la bena: Esɔ gbɔ azɔ, ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Yehowa ƒe dɔla la tsi tre ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔ ƒe gbɔ.

16 Ke esi Dawid fa ko dzi, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dɔla la le dziƒo kple anyigba dome, eye wòdi eƒe yi do ɖe Yerusalem dzi la, Dawid kple ame tsilsiwo ta akpanya, eye wode ta agu.

17 Tete Dawid gblɔ na Mawu bena: Alo menye nyee de se be, woaxlẽ dukɔ la oa, eye menye nyee da vo hewɔ nuvɔ̃ gã sia oa? Ke alẽ siawo la, nuka wowɔ? Yehowa, nye Mawu, wò asi neva mía kple fofonye ƒe aƒe dzi, ke megava dukɔ sia dzi, ne wòawu wo o!

18 Eye Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gad be, wòaɖagblɔ na Dawid bena, neyi ɖaɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe.

19 Tete Dawid yi le Gad ƒe nya, si wògblɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi la nu.

20 Eye esi Ornan trɔ kɔ la, ekpɔ dɔla la, esime Ornan le lu ƒom, eye eya kple viaŋutsu eneawo si ɣla.

21 Esi Dawid va Ornan gbɔ, eye Ornan fɔ kɔ dzi kpɔ Dawid la, edo tso lugbɔƒe la ɖade ta agu de Dawid ŋku me.

22 Eye Dawid gblɔ na Ornan bena: Tsɔ lugbɔƒe la nam, ne maɖi vɔsamlekpui ɖi na Yehowa; tsoe nam le eƒe asixɔxɔ blibo la nu, ne dɔvɔ̃ la nu natso le dukɔ la dome.

23 Tete Ornan ɖo ŋu na Dawid bena: Xɔe, eye nye aƒetɔ fia nèwu alesi dze eŋu; kpɔ ɖa, mana nyiwo woasa numevɔe, luƒotasiaɖamwo nanye nake kple lu woasa nuɖuvɔe; mana wo katã.

24 Fia Dawid gblɔ na Ornan bena: Kpao, ke boŋ maƒlee ho dedie; elabena nyemaxɔ wò nu ana Yehowa o, eye nyemasa numevɔ fe maxemaxee o.

25 Tete Dawid da sika sekel alafa ade na Ornan ɖe teƒe la ta.

26 Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.

27 Eye Yehowa de se na dɔla la be, wòatsɔ eƒe yi ade aku.

28 Esi Dawid kpo le ɣemaɣi be, Yehowa to nɛ le Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe la, ede asi vɔsasa me le afima.

29 Ke ɣemaɣi Yehowa ƒe nɔƒe, si Mose wo le gbe dzi kple numevɔsamlekpui la nɔ vɔsaƒe le Gibeon.

30 Gake Dawid mete ŋu yi egbe, be yeabia gbe Mawu ase o, elabena Yehowa dɔla ƒe yi la tso dzika ƒo nɛ.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan